Emegbe ava Mawu ƒe Gibea, afisi Filistitɔwo ɖo dzɔlawoe. Eye avɔ me be, ne èɖo dua me afima la, akpe nyagblɔɖilawo ƒe haa ɖe, siwo tso to dzi, eye saŋku, axatsɛ, dze kple kasaŋku le ɖiɖim le wo ŋgɔ, ke woawo ŋutɔwo le nya gblɔm ɖi.
Eye Israel blibo la se bena, Saul si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo, eye Israel-viwo ƒe nya gblẽ le Filistitɔwo gbɔ. Tete woyɔ dukɔ la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal.
Eye Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi la bena: Va miyi bolotɔ siawo ƒe dzɔlawo gbɔ! Ɖewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o!