Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 22:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Dzudzɔ de dzi tso eƒe ŋɔti me, dzo tso eƒe nu me fiã nu, eye aka lé dzo tso egbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 22:9
17 Mawu Ofanana  

Dzoka xɔxɔwo do tso keklẽ me le eŋgɔ.


Tete atsiaƒu gɔme dze, eye anyigba ƒe anyinɔwo tsi go to Yehowa ƒe ŋɔdzidodo kple eƒe ŋɔti me gbɔgbɔ me.


Mawu ƒe ƒuƒu gblẽ wo dome, eye eƒe dɔmedzoe gbɔgbɔ na wo nu yi.


Eɖo ete aŋutrɔwo ɖa wokaka wo me, kple dzikedzo geɖe ɖa wotɔtɔ wo.


Tete anyigba ʋanya, eye wòʋuna, towo ƒe anyinɔwo ʋuʋu, eye wodzo kpekpekpe, elabena dzi kui.


Eye dzudzɔ bia Sinai-to blibo la, elabena Yehowa ɖi va edzi le dzo me; eye dzudzɔ la ɖe dzi abe aŋɔɖaƒe dzudzɔ ene, eye to blibo la le ʋuʋum ŋutɔ.


Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na Israel-viwo le toa tame abe dzobibi ene.


Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkɔ tso adzɔge gbɔna, eƒe dɔmedzoe le bibim, eye wòde dzi kɔtɔɔ; eƒe nuyiwo dzi yɔ fũ kple dziku, eƒe aɖe le abe dzo binu ene;


Elabena wodzra dzotɔƒe ɖo ɖi xoxo, fiawo hãe wodzrae ɖo ɖi na, eye wògoglo hekeke; dzo kple nake li kpaŋkpaŋ hekpe ɖe eƒe nakekɔwo ŋu; Yehowa ƒe gbagba enye aŋɔtoʋu, si ato dzoe.


eye mana nasubɔ wò futɔwo le anyigba, si mènya o la dzi. Elabena dzo le bibim le nye dɔmedzoe me, miawo ŋue wòle bibim ɖo.


Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot gblɔ esi: Esi miele nu ƒom alea la, eyata kpɔ ɖa, mana nye nya, si le nuwo la, nanye dzo, eye dukɔ sia nanye nake, ne wòafiã wo.


Dɔvɔ̃ dze eŋgɔ, eye dzoxɔxɔ kplɔe ɖo.


Elabena nye ŋɔti me lé dzo, eye wòle bibi ge aɖe tsiẽƒe ke, afiã anyigba kple nusiwo wɔna le edzi, eye wòafiã towo ƒe gɔmegɔmea.


Elabena mía Mawu hã nye dzo, si fiãa nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa