Eye kpɔ ɖa, Kusitɔ la va, eye Kusitɔ la gblɔ bena: Mehe gbe nyui vɛ na nye aƒetɔ fía, elabena Yehowa tso afia na wò tso amesiwo katã tsi tre ɖe ŋuwò la si me egbe
Eye wotsɔ Is-Boset ƒe ta vɛ na Dawid le Xebron gblɔ na fia la bena: Kpɔ ɖa, wò futɔ Saul vi Is-Boset, amesi le wò ku dim la, ƒe ta enye si; ale Yehowa bia hlɔ̃ Saul kple eƒe dzidzimeviwo na nye aƒetɔ fia egbe sia!
Fofonye, kpɔ ɖa, wò awu ʋlaya nu enye si le asinye; esi melã wò awu ʋlaya nu, eye nyemewu wò o la, nadze sii bena, vɔ̃ alo tame vɔ̃a ɖeke mele menye o, eye nyemewɔ nuvɔ̃a ɖeke ɖe ŋuwò o; ke wò la èle nye agbe ɖim be, yeaɖe ɖa.
Esi Dawid se be, Nabal ku la, egblɔ be: Woakafu Yehowa, si wɔ dzre kple Nabal ɖe ŋukpe, si wòdom la ta, eye wòtsri vɔ̃ na eƒe dɔla, ke Yehowa na Nabal ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va eƒe ta dzi! Tete Dawid dɔ ame ɖa, be woaƒo nu kple Abigail, ne yeaɖee wòanye ye srɔ̃.