Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 22:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Amedzroviwo vivi nu me nam; tonu ko wose, eye woɖo to nye gbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

45 Ne wose ŋkɔnye ko la, woɖoa tom eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã dzona nyanyanya le nye ŋkume.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 22:45
8 Mawu Ofanana  

Migblɔ na Mawu be: Ŋɔdzi le wò dɔwɔwɔ ŋu loo! Le wò ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ ta wò futɔwo avivi nu me na wò.


anye ne asusɔ vie ko mabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyi, eye matrɔ nye asi ɖe wote ketɔwo ŋu;


Amedzrovi, si ku ɖe Yehowa ŋu la, megagblɔ be, Yehowa le ye ɖe ge ɖa atso eƒe dukɔ ŋu o; eye ame tata megagblɔ be, kpɔ ɖa, ye la, ati ƒuƒu ko ye nye o.


Eye amedzrovi, siwo ku ɖe Yehowa ŋu, be yewoasubɔe, yewoalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye yewoanye dɔlawo ne, wo amesiwo katã dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be yewomagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu la,


Ke Simon ŋutɔ hã xɔe se, eye esi wode mawutsi ta ne la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli; eye esi wòkpɔ dzesi kple ŋusẽdɔ gã, siwo wɔm wòle la, kuvia ɖoe.


Woayra wò Israel! Ameka ɖe nuwo? Dukɔ, si Yehowa ɖe, amesi nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi! Wò futɔwo avivi nu me na wò, ke wò la ànyã avuzi le wo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa