Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 22:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Eɖem tso nye dukɔ ƒe dzrewɔwɔwo me, èdzram ɖo hetsɔm ɖo dukɔwo ƒe lae, eye dukɔ, si nyemenya o la, subɔm.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

44 “Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la si me, èkpɔ tanye abe dukɔwo ƒe fia ene; eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 22:44
26 Mawu Ofanana  

Eye migblɔ na Amasa bena: Alo menye nye ƒu kple nye ŋutilã nenye oa? Mawu nafiam agafiam ɖe dzi, ne menye wòe anye aʋafia le ŋkunye me ɖaa ɖe Yoab teƒe o fi!


Tete fia la tsi tre va bɔbɔ nɔ agbo nu. Eye wova gblɔe na aʋakɔ blibo la bena: Kpɔ ɖa, fia la bɔbɔna agbo nu! Eye aʋakɔ blibo la va fia la ŋku me; gake Israel dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Eye nyɔnu la va dukɔ blibo la gbɔ kple eƒe aɖaŋudzedze la, eye wotso ta le Seba, Bixri vi la nu tsɔ ƒu gbe ɖe Yoab. Tete woku kpẽ, eye woka le du la ŋu, eye amesiame yi ɖe eƒe agbadɔ me. Emegbe Yoab gbugbɔ va fia la gbɔ le Yerusalem.


Eye ana nɔ Saul ƒe aƒe kple Dawid ƒe aƒe dome eteƒe didi Eye Dawid ɖe ŋusẽ kpɔm de dzi, ke Saul ƒe aƒe la le gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe dzi.


Tete Israel-toawo katã va Dawid gbɔ le Xebron, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ƒu kple wò ŋutilã míenye.


Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome; atsɔ ame kukuwo ayɔ teƒe kekewoe, eye wòagbã ametawo ɖi.


Mem wo gudugudu abe ʋuʋudedi le ya nu ene, eye metsɔ wo ƒu gbe abe ablɔ me gbeɖuɖɔ ene.


Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!


Kpɔ ɖa, metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe amegã kple dziɖula.


Kpɔ ɖa, ayɔ dukɔ, si menya o la vɛ, eye dukɔ, si menya wò o la, aƒu du ava gbɔwò le Yehowa, wò Mawu, kple Israel ƒe kɔkɔetɔ la ta, elabena ede bubu ŋuwò.


Dukɔ kple fiaɖuƒe, siwo be, yewomade ta tewò o la nu ayi, eye woatsrɔ̃ anyigba dzi dukɔ mawo gbidigbidi.


Mele nyanya na amesiwo wu media nye mɔ o, eye mele kpɔkpɔ na amesiwo mediam o; megblɔ na dukɔ, si meyɔa nye ŋkɔ o la be: Nyee nye esi, nyee nye esi!


Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la mase dziƒo ƒe gbe, eye dziƒo ase anyigba ƒe gbe;


Eye Yesaya gagblɔ bena: „Isai ƒe kè kple amesi atsi tre, bene yeaɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi la, ava; eyama xexemedukɔwo lãkpɔ mo na.“


abe alesi wogblɔ le Hosea me hã ene bena: „Mayɔ ‚Manyenyedukoe‘ be Nye dukɔe la, kple Amemalɔ̃e be Amelɔlɔ̃e;


Yehowa atsɔ wò awɔ tae, eye menye asike o, wòado wò ɖe dzi ɖaa, eye mava anyi o, elabena èse Yehowa, wò Mawu ƒe se, siwo mede na wò egbe, eye nele wo me ɖe asi hewɔ wo dzi,


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa