Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 22:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Metu wo abe anyigba ʋuʋudedi ene, eye metu afɔ wodzi hefanya wo abe kpɔdomeeba ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

43 Metu wo, wozu abe ke ene. Megbã wo, wokaka abe ʋuʋudedi si le ablɔwo dzi ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 22:43
15 Mawu Ofanana  

Menɔ anyi kpli wò le afisiafi, si nèto, metsrɔ̃ wò futɔwo katã ɖa le ŋgɔwò, eye mede ŋkɔ gã ŋuwò abe ame ŋkɔŋu, siwo le anyigba dzi ƒe ŋkɔ ene.


Elabena Yoaxaz ƒe aʋakɔ, si ko kpɔtɔ di nɛ la, le sɔdola blaatɔ̃, tasiaɖam ewo kple afɔzɔla akpe ewo; elabena Aram-fia tsrɔ̃ wo, eye wòwɔ wo abe ke, si wofanya kple afɔ ene.


Woɖo ɣli, ke xɔnametɔa ɖeke meli o; wodo ɣli na Yehowa, ke metɔ na wo o.


Woana abe tsro le ya nu ene, eye Yehowa ƒe dɔla atutu wo ɖa.


Medɔe ɖe dukɔ vɔ̃ɖi la ŋu, eye meɖe gbe nɛ ɖe nye dɔmedzoe ƒe dukɔ la ŋu, ne wòaɖe aboyo, wòaha nu, eye wòafanyae abe ba le kpɔdome ene.


Ena dukɔ la dzi ɖe dzi, Yehowa, èna dukɔ la dzi de dzi, ède bubu ɖokuiwò ŋu, eye nèkeke anyigba ƒe liƒowo katã ɖe nu.


Ameka nyɔ amesi yome xɔname le kplikplikpli la, tso ɣedzeƒe? Ameka tsɔ dukɔwo de asi le eŋku me, eye wòna wonyã avuzi le fiawo dzi? Ameka na woƒe yi zu abe ke ene, eye woƒe datiwo le abe tsro, si nu ya ene?


Menya amea ɖe tso anyiehe wòva, amesi aɖe gbe ƒã nye ŋkɔ la, tso ɣedzeƒe; azɔ anyigba-nunɔlawo dzi abe anyi me ene, eye abe alesi zemela nyãa tsui ene.


Ale gayibɔ kple tsu, akɔbli, klosalo kple sika wogbã gudugudu, eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene, ya kplɔ wo dzoe, eye womegakpɔ wo teƒe o; ke kpe, si dze legbaa dzi la, zu to gãa de hexɔ anyigba blibo la dzi.


Nye ketɔ, amesi le gbɔgblɔm nam be: Afika Yehowa, wò Mawu, le hã la, akpɔe, eye ŋukpe alée. Nye ŋku aɖi ƒo ɖe eŋu, emegbe woafanyae abe ba le kpɔdomee ene.


Woanɔ abe kalètɔwo ene ahafanya gbeɖuɖɔ le kpɔdomeewo le aʋa me; woawɔ aʋa, elabena Yehowa li kpli wo, eye sɔdolawo aɖu ŋukpe.


Eye megblɔ bena: Afika nèyina? Eɖo ŋu nam bena; Yerusalem dzidze ge meyina, ne niakpɔ alesi wòkeke kple alesi wòdidii.


Eye wòadze yi nu, eye woaɖe wo aboyo ayi ɖe dukɔwo katã dome, eye trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.


Megblɔ be: Maɖo ƒuƒu ɖe wo, eye matutu woƒe ŋkɔ ɖa le amegbetɔwo dome hafi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa