4 Meyɔ Yehowa, amesi dze bubu, eye medo tso nye futɔwo si me.
4 “Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu, eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me.
Eye wòva me, esime wode asi aseyetsotso me, eye wole kafukafuha dzim la, Yehowa kplɔ xadelawo de Amon-viwo kple Moab-viwo kpakple amesiwo tso Seir-towo dzi, amesiwo ho ɖe Yuda ŋu la, eye wowu wo nɔewo.
Eye Lewi-viwo, siwo nye Yesua, Kadmiel Bani, Xasabneya, Serebya, Hodiya, Sebanya kple Petanya, wogblɔ bena: Mitso, ne miakafu Yehowa mia Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe, si ƒo kafukafu kple ŋkɔxɔxɔwo katã ta.
Amekae ate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo ade goe, eye wòaɖe gbe ƒã eƒe ŋkɔxɔxɔwo katã?
Maka xɔname ƒe kplu la dzi ayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.
Wòe mase ekpedavɔ na, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.
Elabena eƒu to anyi ɖe ŋunye, eyata mayɔe le nye agbe me ŋkekewo me.
Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be: Oo Yehowa, ɖe nye luʋɔ!
Yehowa, nye agakpe, nye ma kple nye xɔnametɔ; Mawu, nye aga, si mesi tso, nye akpoxɔnu, nye xɔname ƒe dzo kple nye bebeƒe!
Amesiwo tsɔ ŋku ɖo eŋu la, dzidzɔ ɖo mo na wo, eye woƒe mo metsi ɖã o.
Korax-viwo ƒe ha.
Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!
Saɖagatsi nedze wodzi, woayi tsiẽ agbagbe, elabena vɔɖinyenye le wo nɔƒe, le woƒe dzi me.
Wòe xlẽ nye sisiƒewo, eɖe nye aɖatsiwo wò goe me! Ɖe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?
Midzi ha na eƒe ŋkɔ ƒe bubu, eye mido kɔkɔe eƒe kafukafu la!
Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu ƒo mawuwo kalã ta.
Elabena amesiame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.
Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.
wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu!