Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 22:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Elabena ameka nye mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Eye ameka nye agakpe kpe ɖe mía Mawu la ŋu?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Ame kae ganye Agakpe? Ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa?

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 22:32
13 Mawu Ofanana  

Israel ƒe Mawu la ƒo nu, Israel ƒe agakpe la gblɔ nam bena: Amesi ɖu amegbetɔwo dzi dzɔdzɔe kple amesi ɖu dzi le mawuvɔvɔ̃ me la,


Eyata ètri akɔ, Yehowa Mawu, elabena amea ɖeke mede nuwò o, eye mawu bubua ɖeke mexe ɖe ŋuwò o, abe alesi míesee kple to pɛpɛpɛ ene.


Ale Yehowa, Israel ƒe fia kple eƒe xɔnametɔ, Yehowa Zebaot,: gblɔ esi: Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.


Ŋɔ megadzi mi o, eye migadzo nyanyanya o! Ɖe nyemena miesee tso gbaɖegbe ke, eye nyemetoe na mi oa? Miawoe nye nye ɖasefowo. Ɖe mawua ɖe li kpe ɖe ŋunyea? Agakpea ɖeke meli o, nyemenya ɖeke o.


Migblɔe, eye mihee vɛ, woade adaŋu kple wo nɔewo. Ameka na wose nusiawo gbaɖegbe ke, eye wògblɔe tso blema ke? Nye Yehowa ye, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o!


Ke Yakob ƒe gome mele abe woamawo ene o, elabena eya nye nuwo katã wɔla, eye Israel enye eya ŋutɔ ƒe ƒome; Yehowa Zebaot enye eƒe ŋkɔ.


Elabena woƒe agakpe mede miaƒe agakpe nu o, miaƒe futowo ŋutɔ nyenyametsolawo.


Miele ekpɔm azɔ be, nye ɖeɖe koe ti, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye oa? Mewua ame, eye megbɔa agbee, meƒoa ame, eye meyɔa ɖoe, eye womate ŋu aɖe amea ɖeke tso asinye o.


Ekpɔe, ne nanyae be, Yehowa enye Mawu, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o;


Amea ɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o, ɖeke mekpe ɖe ŋuwò o, eye agakpea ɖeke meli abe mía Mawu la ene o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa