Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 22:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Mawu ƒe mɔ de blibo, Yehowa ƒe nya me kɔ, akpoxɔnu wònye na amesiwo katã sii tso.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 “Mawu ya ƒe mɔwo de blibo, Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ. Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 22:31
18 Mawu Ofanana  

Mawu enye nye ɣaɣlaƒe, amesi gbɔ mebe ɖo nye akpoxɔnu kple nye xoxo ƒe lãdzo, nye mɔ̃ sesẽ kple nye sitsoƒe kpakple nye xɔla, amesi ɖem tso ŋutasẽlawo si me.


Eye esi nèkpɔ be, eƒe dzi ɖi anukware le ŋkuwò me la, èbla nu kplii, be yeatsɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba ana eƒe dzidzimeviwo, eye nèwɔ wò nya dzi, elabena dzɔdzɔetɔ nènye.


Eyata, mi ŋutsu nunyalawo, milé to ɖe ŋunye! Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ;


Wò nya me kɔ ŋutɔ, eye wò dɔla melɔ̃a nu le egbɔ o.


Yehowa be: Metso azɔ le ŋutasesẽ le hiãtɔwo ŋu kple ame dahewo ƒe hũɖeɖe ta, eye mahe xɔname vɛ na amesi le eyome dim la.


Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me, kple amenuvetɔ le eƒe nuwɔwɔwo katã me.


Elabena wòe li kplim meƒua du ɖe aʋakɔwo dzi; nye Mawu li kplim metia kpo flɔa gli!


Mele tameɖoɖo la gblɔ ge afia: Yehowa gblɔ nam be: Vinye nènye, egbea medzi wò.


Tsɔ wò akpoxɔnu ɖagbitɔ kple lolotɔ, eye tso, naxɔ nam!


Yehowa, Mawu Zebaot, ɖo to nye gbedodoɖa, Yakob ƒe Mawu, see! Sela.


Atso eƒe fu atsyɔ dziwò eye eƒe aʋala fe nabe ɖo; akpoxɔnu gã kple ɖagbitɔ enye eƒe nyateƒe la.


Mawu ƒe nuƒoƒowo katã me dza; akpoxɔnu wònye na amesiwo sii tso la.


Medze sii be, nusiwo kam Mawu wɔ la, anɔ anyi ɖaa, womatsɔ naneke akpee o, eye womaɖe naneke le eme o. Mawu ɖe wòwɔe, alea, be woavɔ̃ ye.


Eyata nye Nehukadnezar makafu dziƒo fia la, made bubu eŋu, eye mada akpe nɛ; elabena eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe, eƒe mɔwo dza, eye wòbɔbɔa dadalawo ɖe anyi.


Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene.


Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzo. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.


Eye wole Mose, Mawu ƒe dɔla, aƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim hele gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa