29 Elabena wò Yehowa ènye nye akaɖi, eye Yehowa na nye viviti me kɔ.
29 Wò, Yehowa, wòe nye nye akaɖi! Ènana nye viviti trɔna zua kekeli.
Ke Zeruya vi Abisai xɔ nɛ, eye wòwu Filistitɔ la. Ɣemaɣi Dawid ƒe ŋutsuwo ka atam nɛ bena: Magade aʋa kpli mi azɔ o, ne nagatsi Israel ƒe akaɖi la o!
Matsɔ to ɖeka ana via, be akaɖi nakpɔtɔ na Dawid le ŋkunye me ŋkekeawo katã le Yerusalem du, si metia na ɖokuinye, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo eme la ta.
esime eƒe akaɖi klẽ ɖe tanye me, eye meno eƒe kekeli me hezu to viviti me la:
Amenuvela, nublanuikpɔla kple dzɔdzɔetɔ nye kekeli dze na nuteƒewɔlawo le viviti me.
Elabena wòe nye xɔnametɔ na dukɔ ɖihiãwo, eye nèbɔbɔa ŋku kɔkɔwo ɖe anyi.
Dawid tɔ. Yehowa enye nye kekeli kple nye xɔname, ameka mavɔ̃? Yehowa enye mɔ̃ na nye agbe, ameka adzi ŋɔ nam?
Misa dzɔdzɔenyenyevɔ, eye miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu!
Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.
Kekeli dona na ame dzɔdzɔewo kple dzidzɔ na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.
Mia dometɔ, si vɔ̃a Yehowa la, neɖo to eƒe dɔla ƒe gbe; amesi le viviti me zɔm, eye kekelia ɖeke meklẽna nɛ o lã, neɖo dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu.
Mado dzi atsɔ Yehowa ƒe dziku, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu, vaseɖe esime wòadrɔ̃ nye nya ahatso nam; akplɔm aɖo ɖe kekeli nu, eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋku.
Nye la kekeli menye va xexeame, bena amesiame, si xɔa dzinye sena la, mano viviti me o.
Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.
Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.