Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 22:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Exɔna na dukɔ, si wolena ɖe anyi, eye wò ŋku nɔa dadalawo ŋu, be nabɔbɔ wo ɖe anyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ke wò ŋku le dadalawo ŋu, be nabɔbɔ wo ɖe anyi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 22:28
23 Mawu Ofanana  

amesiwo gblɔna be: Míaƒe aɖewo doa ŋusẽ mí, míaƒe nuyiwo li kpli mí, ameka nye aƒetɔ de mía nu?


Dawid ƒe mɔzɔha. Yehowa, nye dzi mele dadam o, ŋku tusã mele tanye o, eye nyemezɔna le nu gã, siwo nye nuku nam la me o.


Elabena Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔgba.


Ŋutsu aɖe vɔ̃e tɔ megali ɖe anyigba dzi o; ŋutsu ŋutasẽla la dzɔgbevɔ̃e neyɔe ɖe nu kplikplikpli.


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Fifi ko menyae bena, Yehowa kpe wu mawuwo katã; elabena etsɔ woawo ŋutɔ ƒe nu vlo wɔwɔ he toe na wo.


Ame vɔɖiwo ƒe akaɖi enye nuvɔ̃, dadaŋkuwo kple dzi, si vu gblotoo.


Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe adegbeƒoƒo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ne Yehowa ɖeɖeko nanye gã le ŋkeke ma dzi.


Ameka nedo vloe, eye ameka ŋu nèɖe alɔme le? Ameka ta nèdo ɣli ɖo, eye ameka ŋu nèwu wó ŋkuwò dzi ɖo? De Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu loo!


Ekema amegbetɔ atsyɔ akɔ anyi, woabɔbɔ ŋutsu ɖe anyi, eye woate dàda ŋkuwò ɖe to;


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Woayra amesiwo da ahe le gbɔgbɔ me la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.


Elabena amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa