Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 22:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye wògblɔ be: Yehowa enye nye agakpe, nye mɔ̃ kple nye ɖela.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Egblɔ be: “Yehowae nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 22:2
15 Mawu Ofanana  

Elabena ameka nye mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Eye ameka nye agakpe kpe ɖe mía Mawu la ŋu?


Mawu enye nye mɔ̃ sesẽ, eye wòna nye mɔ zu gbadzaa.


Israel ƒe Mawu la ƒo nu, Israel ƒe agakpe la gblɔ nam bena: Amesi ɖu amegbetɔwo dzi dzɔdzɔe kple amesi ɖu dzi le mawuvɔvɔ̃ me la,


nye amenuveve kple nye mɔ̃ sesẽ, nye sitsoƒe kple ɖelanye kpakple nye akpoxɔnu, si gbɔ mebe ɖo, amesi tsɔ nye dukɔ la ɖe tenye.


Ƒu to anyi ɖe ŋunye, ɖem asi tsɔtsɔe; zu agakpe, si nye sitsoƒe nam, kple mɔ̃ sesẽ, ne naxɔ nam!


Ŋkeke me la Yehowa ɖɔ eƒe amenuveve ɖa, le zã me la eƒe ha le nunye, eye medo gbe ɖa na nye agbe ƒe Mawu la.


Na woanye agakpeto nam, afisi masi ayi ɖaa; wò, amesi ɖo be, yeaxɔ nam; elabena nye agakpe kple nyee mɔ sesẽ nènye.


eya gblɔna na Yehowa be: Nye sitsoƒe kple nye mɔ̃ sesẽ nenye, nye Mawu, si ŋu meɖoa ŋu ɖo.


Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzo. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.


Amea ɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o, ɖeke mekpe ɖe ŋuwò o, eye agakpea ɖeke meli abe mía Mawu la ene o!


Esi Saul kple eƒe amewo yi edi ge, eye wova gblɔe na Dawid la, eɖi abu yi agakpe la gbɔ ɖanɔ Maon-gbedzi. Ke esi Saul see la, eti Dawid yome va Maon-gbedzi.


Esi Saul gbɔ tso Filistitɔwo yometiƒe la, wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, Dawid le En-Gedi-gbedzi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa