Eye Dawid kple dukɔ blibo, si le eŋu la, dze mɔ yi Baal-Yuda, ne woatsɔ Mawu ƒe aɖaka, si ŋu woyɔa Yehowa Zebaot, amesi le Kerubiwo ta me ƒe ŋkɔ ɖo la, atso afima.
Eye Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la ho tso Kerubiawo ta me, afisi wònɔ tsã la, heyi ɖe xɔ la ƒe kpui nu. Tete wòyɔ ŋutsu, si ta aklala, eye agbalẽŋlɔnu le aklito nɛ la.
Eye dukɔ la ɖɔ ame ɖo ɖe Silo woyi ɖatsɔ Yehowa Zebaot, si le Kerubiwo ta me la ƒe nubablaɖaka tso afima ve, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas kpe ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋu.