Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 21:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 eye wotsɔ wo de asi na Gibeontɔwo, eye wohe wo ɖe ati ŋu le to la dzi le Yehowa ŋku me, eye wo ame adre la ku zi ɖeka. Wowu wo le nuŋeɣi ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esime wodze luŋeŋe gɔme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Gibeontɔwo he wo ɖe ati ŋu le toa dzi le Yehowa ŋkume. Ale wo ame adreawo katã ku zi ɖeka le luxaɣi la ƒe gɔmedzedze.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 21:9
13 Mawu Ofanana  

Ne woɖe ame adre na le viaŋutsuwo dome, ne míahe wo ɖe ati ŋu na Yehowa le Saul, amesi nye Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe Gibea. Eye fia la gblɔ be: Maɖe wo ana


Eye wotsɔ Yehowa ƒe aɖaka la va da ɖe enɔƒe le agbadɔ, si Dawid tu nɛ la me, eye Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ le Yehowa ŋku me.


Tete Dawid gblɔ na Mixal bena: Yehowa, amesi ŋu nye nu nyo wu fofowò kple eƒe aƒe blibo la, eye wòtsɔm ɖo amegã ɖe Yehowa ƒe dukɔ Israel nu la, ŋku mee meɖu ɣe le!


Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;


Eye ɖeti kple mɔli gblẽ, elabena mɔli ɖi, eye ɖeti ƒo se.


Ke lu kple bli ya megblẽ o, elabena womekpɔ mie haɖe o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yɔ dukɔ la ƒe amegãwo katã ƒo ƒu, eye wòatrɔ ati vodalawo ɖe ŋdɔgbe na Yehowa, ne Yehowa nadzudzɔ dɔmedzoedodo ɖe Israel ŋu!


Eye ne amea ɖe wo nua ɖe, si dze ku, eye wowui, eye nède kae ɖe ati ŋu la,


Ale Naomi gbɔ va aƒe, eye lɔ̃xoa Rut, Moab-nyɔnu la, kpe ɖe eŋu tso Moab-nyigba dzi; eye wova Betlexem, esime wodze nuŋeŋe gɔme.


Samuel gblɔ bena: Alesi wò yi ɖe viwo le nyɔnuwo ŋu la, nenema ke woaɖe viwo le dawò ŋu le nyɔnuwo dome! Eye Samuel dza Agag le Yehowa ŋku me le Gilgal.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa