Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 21:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ne woɖe ame adre na le viaŋutsuwo dome, ne míahe wo ɖe ati ŋu na Yehowa le Saul, amesi nye Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe Gibea. Eye fia la gblɔ be: Maɖe wo ana

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 na woatsɔ via ŋutsu adre na mí eye míawu wo le Yehowa ŋkume le Gibea si nye Saul, Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe du la me.” Fia la gblɔ be, “Matsɔ wo na mi.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 21:6
22 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao atso ta le nuwo, eye woahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo ava ɖu wò ŋutilã.


Ke ena wohe aboloƒolawo ƒe amegã ya ɖe ati ŋu, abe alesi Yosef ɖe egɔme na wo ene.


Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me.


Eye ŋutsua ɖe kpɔe va gblɔ na Yoab bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ Absalom wòtsi klẽtia ɖe ŋu.


Eye wòva zɔ wò dɔla gɔme na nye aƒetɔ fia la; ke nye aƒetɔ fia la le abe Mawu ƒe ɖɔla ene, eyata wɔ nusi dze ŋuwò!


Tatɔ Axiezer kple Yoas, amesiwo nye Gibeatitɔ Hasmaa viwo; Yeziel kple Pelet, amesiwo nye Azmawet viwo: Beraxa kple Anatotitɔ Yehu;


Eye mene wole se dem be, ne amea ɖe trɔ nya sia la, woaɖe ati le eƒe xɔ me aklãe ɖe eŋuti, eye eƒe ate atrɔ zu aɖukpo le nya sia la.


amesiwo nye Hamedata vi Haman, Yudatɔwo, ƒe ketɔ ƒe ŋutsuvi ewoawo; ke womede asi aboyonuwo ŋu o.


Eye wòtso klosalo la ƒu gbe ɖe mawuxɔ la me hedzo, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.


Tso ekema dzi la wòbia fia, eye Mawu tso Saul, Kis ƒe vi, ŋutsua ɖe, si tso Benyamin-ƒomea me la, na wo ƒe blane.


Eye ne amea ɖe wo nua ɖe, si dze ku, eye wowui, eye nède kae ɖe ati ŋu la,


Emegbe Yosua wu wo, eye wòde ka ve na wo ɖe ati alɔ̃ ŋu; eye wotsi atiawo ŋu vaseɖe fiẽ.


Eye wòde ka ve na Ai-fia ɖe atia ɖe ŋu vaseɖe fiẽ; eye esi ɣe ɖo to la, Yosua ɖe se be, woade eƒe kukua atsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo nu, eye wofɔ kpewo li ko gãa ɖe ɖe edzi wòtsi anyi vaseɖe egbe.


Tete Samuel tsɔ amigoe la kɔ ɖe la me ne, eye wòɖuɖɔ nu nɛ gblɔ bena: Ɖe Yehowa mesi ami na wò be, naɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?


Eye Samuel gblɔ na dukɔ blibo la bena: Miele amesi Yehowa tia na mi la kpɔma? Amea ɖeke mede enu le dukɔ blibo la dome o! Tete dukɔ blibo la tso aseye gblɔ bena: Fia nenɔ agbe!


Eye Saul hã yi aƒe le Gibea, eye kalẽtɔ, siwo ƒe dzi Mawu ʋã la, yi kplii.


Eye ame dɔdɔwo va Saul ƒe Gibea hegblɔ nyawo ɖe dukɔ la ƒe to me; tete dukɔ blibo la fa avi kple ɣli.


Ke kpɔ ɖa, menyae be, èle fia zu ge, eye Israel-fiaɖuƒe la ali ke ɖe asiwò.


Eyata ta Yehowa nam be, matsrɔ̃ megbenye viwo o, eye màtsrɔ̃ nye ŋkɔ ɖa le fofonye ƒe me o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa