Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 21:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Dawid gblɔ na Gibeontɔwo bena: Nuka mawo na mi, eye nuka matsɔ alé avu mi, be miayra Yehowa ƒe domenyinu la?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 David bia wo be, “Nu ka mate ŋu awɔ na mi be nu vɔ̃ sia naɖe ɖa le mia dzi eye wòana miabia Mawu be wòayra mi?”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 21:3
9 Mawu Ofanana  

Nyee nye ame fafa kple anukwaretɔwo dometɔ ɖeka le Israel; èbe, yeatsrɔ̃ du kple dada le Israel; nukaŋuti nèbe, yeagblẽ Yehowa ƒe domenyinu?


Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miewɔ nuvɔ̃ gã ŋutɔ, eyata malia to la ayi Yehowa gbɔ, ɖewo mate ŋu alé avu ɖe miaƒe nuvɔ̃wo ta mahĩ.


Eye woatso eƒe asi aɖo numevɔsalã la ƒe tame, ekema ana wòadze eŋu, eye wòalé avui.


Eye wogblɔ nɛ bena; Nuka míawɔ wò, be atsiaƒu la nadze kɔ anyi le mía ŋu godoo? Elabena ƒu la ƒe nyanyrã nu le sesẽm ɖe dzi.


Eye mate ŋu agblɔ kloe bena, wotso ʋu klo nuwo katã ŋuti le se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔ̃kekea ɖeke manɔ anyi o.


Ne amegbetɔ da vo ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo tsoa eme; ke ne amegbetɔ da vo ɖe Yehowa ŋu la, ameka aɖe kuku ɖe eta? Ke womese wo fofo ƒe gbe o, elabena Yehowa ɖo be, yeawu wo.


Azɔ nye aƒetɔ nese eƒe dɔla ƒe nyawo dzro: Nenye Yehowae do wò ɖe ŋunye la, ekema axɔ vɔsa aʋẽ ase, ke nenye amegbetɔviwoe la, ekema aɖi wo ŋu le Yehowa ŋku me, elabena wonyãm egbe, be nyemagakpɔ gome le Yehowa ƒe anyigba dzi o hegblɔ bena: Yi ɖasubɔ mawu bubuwo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa