Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 21:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke Zeruya vi Abisai xɔ nɛ, eye wòwu Filistitɔ la. Ɣemaɣi Dawid ƒe ŋutsuwo ka atam nɛ bena: Magade aʋa kpli mi azɔ o, ne nagatsi Israel ƒe akaɖi la o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Ke Abisai, Zeruya ƒe vi xɔ nɛ eye wòwu Isbibenɔb, Filistitɔ la. Le esia megbe la, David ƒe amewo gblɔ nɛ be, “Màgayi aʋa kpli mí azɔ o! Nu ka ta míaɖe mɔ Israel ƒe kekeli natsi?”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 21:17
14 Mawu Ofanana  

Azɔ kpɔ ɖa, ƒome blibo la tso ɖe wò dɔlanyɔnu ŋu gblɔ bena: Ɖe amesi wu nɔvia la de asi, ne míawu ɖe nɔvia, si wòwu la, ƒe agbe teƒe, eye míatsrɔ̃ domeɖula hã ɖa! Eye wole didim be, yewoatsi nye dzoka, si kpɔtɔ ɖi la, ne ŋkɔ kple dzidzimevia ɖeke maganɔ srɔ̃nye si le anyigba dzi o.


Eye Dawid tsɔ aʋakɔ ta ƒe etɔ̃liawo ɖeka de Yoab si, etsɔ etɔ̃liawo ɖeka de Zeruya vi Abisai, si nye Yoab nɔvi la si, eye wòtsɔ etɔ̃liawo ɖeka ɖe Gititɔ Itai si. Eye fia la gblɔ na aʋakɔ la bena: Nye hã mayi kpli mi.


Ke aʋakɔ la ɖo ŋu bena: Megayi o; elabena ne míesi la, womabui na mí o, eye ne miaƒe akpa afã ku hã la, womabui na mi o; elabena ele abe mía dome ame akpe ewo ene. Eyata ne axɔ na mi tso dua me la, anyo wu.


Wodze dzinye le gbesigbe meɖo dzɔgbevɔ̃e me, ke Yehowa enye nye ziɔɖeŋu.


Elabena wò Yehowa ènye nye akaɖi, eye Yehowa na nye viviti me kɔ.


Matsɔ to ɖeka ana via, be akaɖi nakpɔtɔ na Dawid le ŋkunye me ŋkekeawo katã le Yerusalem du, si metia na ɖokuinye, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo eme la ta.


Elabena le Dawid ta Yehowa, eƒe Mawu, na akaɖii le Yerusalem, be wòɖo via le eyome, ne wòalé Yerusalem ɖe te;


Gama mana dzo nato ɖo na Dawid, eye matsɔ akaɖi bibi aɖo anyi na nye amesiamina la.


wò, amesi na dziɖuɖu fiawo, eye nèɖe wò dɔla Dawid tso yi gblẽnu la nu.


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Eye Yoxanan, Kareax vi la, gblɔ na Gedalya le adza me le Mizpa bena: Mayi, ne maɖawu Ismael, Netanya vi la, eye amea ɖeke manyae o. Nukaŋuti woawu wò, ne Yudatɔ, siwo katã ƒo ƒu ɖe ŋuwò la, naka ahlẽ, eye Yuda ƒe ame susɔeawo natsrɔ̃?


Eyama enye akaɖi, si le bibim, eye wòle keklẽm; ke miawo la miedi be, yewoakpɔ dzidzɔ gaƒoƒo ɖeka le eƒe keklẽ la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa