Tete Yuda-ŋutsuwo va, eye wosi ami na Dawid le afima, ne woaɖu fia ɖe Yuda ƒe aƒe la dzi. Eye wova gblɔ na Dawid bena: Yabes-Gileadtɔwoe nye amesiwo ɖi Saul.
Tete Aya vinyɔnu Rizpa tsɔ akpanya keke ɖe agakpe la dzi tso nuŋeɣi ƒe gɔmedzedze, vaseɖe esime tsi dza tso dziƒo ɖe wodzi; eye mena dziƒoxewo dze ɖe wo dzi le ŋkeke me, alo gbemelãwo va wo gbɔ le zã me o.
Dawid yi ɖaxɔ Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo, siwo Yabes-Gileadtɔwo yi ɖafi le Bet-San ƒe ablɔ me, afisi Filistitɔwo tsɔ wo va ku ɖo, le gbesigbe Filistitɔwo wu Saul le Gilboa la, le wo si.