Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 20:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Yoab gblɔ na Amasa bena: Nɔvinye, èli sesĩea? Tete Yoab tsɔ ɖusi lé Amasa ƒe ge, be yeaɖuɖɔ nu nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Yoab te ɖe Amasa ŋu hebiae be, “Èfɔa?” Yoab ku asi Amasa ƒe ge me kple ɖusi abe ɖe wòdi be yeagbugbɔ nu nɛ ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 20:9
14 Mawu Ofanana  

Eye wòva me, ne amea ɖe te ɖe eŋu be, yeabɔbɔ ne la, edoa eƒe asi ɖa lénɛ, eye wògbugbɔa nu nɛ.


Eye Absalom tsɔ Amasa ɖo aʋakɔ la nu ɖe Yoab teƒe; Amasa enye Ismael-ŋutsu, si ŋkɔ nye Yitra, amesi ɖɔ Nahas vinyɔnu Abigal, si nye Yoab dada, Zeruya nɔvinyɔnu gbɔ la ƒe vi.


Fia la gblɔ be: Ɖekakpui Absalom li sesiea? Aximaaz ɖo ŋu bena: Mekpɔ zitɔtɔ gãa ɖe, esime Yoab dɔ fia ƒe dɔla kple wò dɔla, ke nyemenya nusi dzɔ o.


Esi Abner trɔ gbɔ va Xebron la, Yoab kplɔe yi agbo la te, be woa kplii woaɖe kpɔ; eye wòda nu do me nɛ le afima wòku ɖe nɔvia Asahel ƒe ʋu ta.


Yehowa agbugbɔ eƒe nu ava eƒe ta dzi, elabena eda nu ŋutsu eve, siwo nye ame dzɔdzɔewo, eye wonyo wui, amesiwo nye Israel ƒe aʋafia Abner, Ner vi, kple Yuda ƒe aʋafia Amasa, Yeter vi, eye wowu wo kple yi fofonye Dawid ƒe manyamanyae.


Edo asi ɖa ɖe amesiwo le ŋutifafa me kplii la ŋuti, eye wògblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla.


Nugbugbɔ xɔdzo, si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la, le abe senu gaglɛ, si ŋu wofa klosaloŋuka ɖo ene.


Xɔlɔ̃ ƒe abidede ame ŋu medze vɔ̃ o; ke ketɔwo ƒe nugbugbɔ sɔ gbɔ ŋutɔ!


Tete Ismael, Netanya vi, kple ŋutsu ewo, siwo kpe ɖe eŋu la, wotso, heda yi Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi la, eye wowu eya, amesi Babel-fia tsɔ ɖo anyigba la nu.


Nuteƒewɔlawo nu yi le anyigba ɖzi, eye ame dzɔdzɔea ɖeke megale amegbetɔwo dome o; wo kalã wode xa ɖe ʋu ŋu, eye woɖo ɖɔ na wo nɔewo.


Ke esi Israel-viwo do ɣli yɔ Yehowa la, Yehowa ɖo xɔnametɔ na wo, Ehud, ŋutsu miawɔla, si nye Benyamintɔ, Gera ƒe vi. Eye Israel-viwo tsɔ nudzɔdzɔ ɖe esi ɖo ɖe Moab-fia Eglon.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa