Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 20:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 tete Dawid gblɔ na Abisai bena: Azɔ Seba, Bixri vi la, le vɔ wɔ ge mi awu Absalom. Eyata ɖe wò aƒetɔ ƒe dɔlawo, eye nati eyome, ne magaxɔ du sesẽwo, eye wòasi le mia ŋku me o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 David gblɔ na Abisai be, “Azɔ Seba, Bikri vi awɔ nuvevi mí wu nu si Absalom wɔ. Netsɔ! Wò kple nye dɔlawo miti eyome hafi wòaɖo du aɖe si woɖo gli ƒo xlãe la me eye míaƒe asi magate ŋu asu edzi o.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 20:6
17 Mawu Ofanana  

Eye esi Amon-viwo kpo be, Aramtɔwo si la, wòsi le Abisai nu yi dua me, eye Yoab trɔ le Amon-viwo yome heva Yerusalem.


Uriya ɖo ŋu na Dawid bena: Aɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me, nye aƒetɔ Yoab kple nye aƒetɔ ƒe dolawo ƒu asaɖa anyi ɖe tagba, eye nyea mayi aƒenye me, aɖu nu, ano nu ahadɔ srɔ̃nye gbɔa? Meta wò amea kple wò agbe siaa, ne mawɔ nusia fi!


Ŋutsu la ɖo ŋu na Yoab bena: Ne woxlẽ klosalo akpe ɖeka ɖe asi me nam hã la, nyemaɖe asi fiavi la ŋu o; elabena fia la de se na mia kple Abisai kpakple Itai miese bena: Mikpɔ ɖekakpui Absalom la dzi nam nyuie!


Eye Dawid tsɔ aʋakɔ ta ƒe etɔ̃liawo ɖeka de Yoab si, etsɔ etɔ̃liawo ɖeka de Zeruya vi Abisai, si nye Yoab nɔvi la si, eye wòtsɔ etɔ̃liawo ɖeka ɖe Gititɔ Itai si. Eye fia la gblɔ na aʋakɔ la bena: Nye hã mayi kpli mi.


elɔ̃ amesiwo lé fu wò, eye nele fu amesiwo lɔ wò; elabena eɖee fia egbea bena, amegã kple dɔlaa ɖeke mele asiwò o; elabena medze sii egbea bena, ɖe wònye Absalom ye tsi agbe, eye mi katã míeku la, ne enyo ŋuwò wu.


Eye Zeruya viŋutsu etɔ̃ le afima: Yoab, Abisai kple Asahel; eye Asahel ƒe afɔ tsɔna abe zi le gbe me ene.


Ke Zeruya vi Abisai xɔ nɛ, eye wòwu Filistitɔ la. Ɣemaɣi Dawid ƒe ŋutsuwo ka atam nɛ bena: Magade aʋa kpli mi azɔ o, ne nagatsi Israel ƒe akaɖi la o!


Abisai, Zeruya vi, Yoab nɔvi, enye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ; eya da eƒe akplɔ to ame tsiaʋa alafa etɔ̃awo dzi, eye wòxɔ ŋkɔ le ame blaetɔ̃awo dome.


Yoab kple nɔvia Abisai wowu Abner, le esi wòwu wo nɔvi Asahel le aʋa me le Gibeon la ta.


Ke nye la ɖevi dzaa menye, hafi wòsi ami nam menye fia. Ke Zeruya vi siawo tri akɔ wum. Yehowa naɖo vɔ̃ eteƒe na nuawɔla ɖe eƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ la nu!


fia la gblɔ na wo bena: Miɖe miaƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo kpe ɖe mia ɖokui ŋu, eye mina vinye Salomo nado nye tedzisɔ, ne miakplɔe yi Gixon.


Abisai, Yoab nɔvi, enye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ, eya ɖa eƒe akplɔ to ame tsiaʋa alafa etɔ̃awo dzi, eye wòxɔ ŋkɔ le ame blaetɔ̃awo dome.


Abisai, Zeruya vi, wu Edomtɔ ame akpe wuienyi le dzeʋe la me,


Nukaŋuti míegale anyinɔƒe ko? Miƒo takpli, míayi du sesẽwo me, ne míatsrɔ̃ ɖe afima; elabena Yehowa, mía Mawu la, le míaƒe tsɔtsrɔ dim; ekpe aɖitsi na mí mieno, le esi miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu ta.


Eye ne fiaduƒe mã de ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema fiaduƒe ma mate ŋu anɔ anyi o.


Tete Dawid xɔ edzi gblɔ na Xititɔ Aximelex kple Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi bena: Amekae ayi Saul gbɔ le asaɖa me kplim? Abisai ɖo ŋu bena: Mayi kpli wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa