Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 20:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye nyɔnu la va dukɔ blibo la gbɔ kple eƒe aɖaŋudzedze la, eye wotso ta le Seba, Bixri vi la nu tsɔ ƒu gbe ɖe Yoab. Tete woku kpẽ, eye woka le du la ŋu, eye amesiame yi ɖe eƒe agbadɔ me. Emegbe Yoab gbugbɔ va fia la gbɔ le Yerusalem.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Ale nyɔnu la yi ameawo gbɔ kple eƒe aɖaŋu nyui la. Wotso ta le Seba, Bikri vi la nu eye woda eƒe ta la to gli la ta ɖo ɖe Yoab. Enumake Yoab ku kpẽ; ena ameawo dzudzɔ dua gbagbã eye wotrɔ yi fia la gbɔ le Yerusalem.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 20:22
10 Mawu Ofanana  

Tete Yoab ku kpẽ, eye aʋakɔ la trɔ le Israel yome; elabena Yoab na aʋakɔ la to te.


Eye wotsɔ Absalom ƒu gbe ɖe do gãa ɖe me le avea me, eye wofa kpe li ko gãa ɖe ɖe edzi, eye Israel blibo ta dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Eye Yoab ku kpẽ, tete aʋakɔ blibo la tɔ, womegati Israel yome o, eye wodzudzɔ aʋawɔwɔ.


Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!


Tete nyɔnu dzeaɖaŋua ɖe do ɣli tso dua me bena: Ago gbɔ! Ago gbɔ! Taflatse, migblɔ na Yoab be, nete va ati, ne maƒo nu kplii!


Nunya naa ŋusẽ nunyalawo wu ŋusẽtɔ ewo, siwo le du me.


Esi afia menye tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi doa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ de nu vɔɖi wɔwɔ ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa