Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 20:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Nya la mele alea o, ke boŋ ŋutsua ɖe, si tso Efrayim-to la dzi, amesi ŋkɔ nye Seba, Bixri vi lae, do eƒe asi ɖe dzi ɖe fia Dawid ŋu. Ne mieɖe eya ɖeɖe na la, ekema madzo le dua ŋu. Eye nyɔnu la gblɔ na Yoab bena: Kpɔ ɖa, woatsɔ eƒe ta aƒu gbe ato glia dzi aɖo de wò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 nu si dim mele koe nye ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Seba, Bikri vi; etso Efraim ƒe tonyigba la dzi. Etso ɖe Fia David ŋu eya ta ne miatsɔe ade asi na mí la, ekema míaɖe asi le dua ŋu le ŋutifafa me.” Nyɔnu la gblɔ be, “Enyo, míada eƒe ta do ɖe mi to gli la ta.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 20:21
17 Mawu Ofanana  

Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!


Tete Israel-ŋutsuwo katã tu le Dawid ŋu hedze Seba, Bixri vi la yome. Ke Yuda-ŋutsuwo ku ɖe woƒe fia la ŋu tso Yordan nu vaseɖe Yerusalem.


Tete Yoab xɔ edzi gblɔ bena: Nyemebe, matsrɔ̃ naneke o, eye nyemebe, magblẽ naneke o.


Abisai, Zeruya vi, Yoab nɔvi, enye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ; eya da eƒe akplɔ to ame tsiaʋa alafa etɔ̃awo dzi, eye wòxɔ ŋkɔ le ame blaetɔ̃awo dome.


Yerobeam, Efraitɔ, Nebat vi tso Zereda, enye Salomo ƒe dɔla; dadaa nye ahosi, eye eŋkɔ nye Zerua. Eya hã do eƒe asi ɖe dzi de fia la ŋu.


Esime agbalẽ la ɖo wo gbɔ la, wolé fiavi blaadreawo wu, eye wotsɔ woƒe tawo de kusiwo me ɖo ɖee le Yezreel.


Eɖo ŋu bena: Wodɔ! Nye aƒetɔe ɖom ɖa be, magblɔ be: Kpɔ ɖa, fifi laa ɖekakpui eve tso Efrayim-to dzi le nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo dome va dze gbɔnye; taflatse, tso klosalo talento ɖeka kple atsyɔ̃ɖowu eve na wo.


Elabena wole gbe ƒã ɖemee tso Dan, eye wona wose dzɔgbevɔ̃e nya tso Efrayim-towo dzi.


Magakplɔ Israel agbɔ va eƒe gbeɖuƒe, ne woaɖu gbe le Karmel dzi kple Basan, eye woaɖu nu aɖi ƒo le Efrayim-towo dzi kple Gilead.


Eye Eleazar, Aron vi, hã ku, eye woɖii ɖe Gibea, si wotsɔ na via Pinehas ɖe Efrayim-to dzi la.


eye woɖu ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi le Timnat-Xeres, si le Efrayim-to dzi le Gaas-to ƒe anyiehe gome.


Eye! Gideon do ame ɖo ɖe Efrayim-to blibo la dzi gblɔ bena: Miyi ɖaxe towo kple Yordan nu na Midiantɔwo vaseɖe Bet-Bara! Tete woyɔ Efrayim-ŋutsuwo katã, eye woxe tɔawo kple Yordan nu vaseɖe Bet-Bara.


Esi Israeltɔwo kpɔ bena, Abimelex ku la, amesiame gbugbɔ yi aƒe.


Ke esi Dawid wòe vɔ la, eƒe dzi lã kpò, le esi wòlã Saul ƒe awu ʋlaya nu la ta.


Ke Dawid gblɔ na Abisai bena: Megawui o: elabena ameka ade eƒe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, eye woagbe tohehe nɛa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa