Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 20:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Nyee nye ame fafa kple anukwaretɔwo dometɔ ɖeka le Israel; èbe, yeatsrɔ̃ du kple dada le Israel; nukaŋuti nèbe, yeagblẽ Yehowa ƒe domenyinu?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Èle du tsitsi aɖe si me nɔlawo lɔ̃a ŋutifafa eye wowɔa nuteƒe na Israel la gbãm. Ɖe nàgblẽ nu si nye Yehowa tɔa?”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 20:19
29 Mawu Ofanana  

Eye Abraham te ɖe eŋu gblɔ bena: Ɖe atsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa mahã?


Elabena fiã la aɖo to eƒe dɔlanyɔnu, eye wòaɖem tso ŋutsu, si be, yeatsrɔ̃ mía kple vinye ɖa le Mawu ƒe domenyinu nu la si me.


Eyata nètsɔ, mido ame ɖo ɖa, ne woaɖagblɔ na Dawid bena: Megatsi tɔtsoƒe da le gbea dzi o, ke boŋ yi taa godo, ne womagatsrɔ̃ fia lã kple ameha, siwo katã le eŋu la o!


Eye wògblɔ bena: Blema la wogblɔna be: Mibia le Abel, ekema nya la awu nu!


Tete Yoab xɔ edzi gblɔ bena: Nyemebe, matsrɔ̃ naneke o, eye nyemebe, magblẽ naneke o.


Eye Dawid gblɔ na Gibeontɔwo bena: Nuka mawo na mi, eye nuka matsɔ alé avu mi, be miayra Yehowa ƒe domenyinu la?


Elabena wò ŋutɔe ɖe wo tso anyigba dzi dukɔwo katã dome, bena woanye wò domenyinu, abe alesi negblɔ to wò dɔla Mose dzi, esime nèkplɔ mía fofowo tso Egipte ene, Aƒetɔ Yehowa!


ne makpɔ wò ame tiatiawo ƒe dzɔgbenyuie, dzi nadzɔm ɖe wò dukɔ ƒe dzidzɔ ŋu, eye maƒo adegbe akpe ɖe wò domenyinu ŋu!


anye ne womi mi agbagbe, esime woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu;


Woɔyra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye; dukɔ, si wòtia wɔ domenyinu na eɖokui.


eɖee le alẽ vinɔwo yome, ne wòakplɔ ele dukɔ Yakob kple eƒe domenyinu Israel.


Babel-fia Nebukadnezar ɖu mí, etsrɔ̃ mi, eye wòtsɔ mí wɔ goe ƒuƒlui, emi mi abe ʋɔ ene, etsɔ míaƒe nu viviwo yɔ eƒe ƒodoe, eye wònyã mí de gbe.


Mahe to na Babel ƒe Bel, maɖe nusi wòmi la le nu me ne, eye dukɔwo magaƒo zi ɖe eŋu azɔ o; Babel ƒe gliwo hã amũ.


Wò fulɔwo katã ke nu ɖe ŋuwò baa, wodo tsia heɖu aɖukli gblɔ bena: Míetsrɔ̃e! Ehɛ̃, ŋkeke, si míele mɔ kpɔm na la, enye esia, míaƒe asi su edzi, míekpɔ eteƒe kple ŋku!


Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe lãnyiƒewo katã, mekpɔ wo ta o, eghã Yuɖa-nyɔnuvi ƒe mɔ̃ sesẽwo wosɔ kple anyigba le eƒe dziku me, eye wogblẽ ka ɖo na fiaɖuƒe la kple eƒe amegãwo.


Aƒetɔ la trɔ zu futɔ, etsrɔ̃ Israel, eye wòtsrɔ̃ eƒe fiasãwo katã, egblẽ eƒe mɔ̃ sesẽwo, eye wòli kɔ nuxaxa ɖe nuxaxa dzi na Yuda-nyɔnuvi.


eye anyigba ke nu mi wo kple woƒe aƒewo kpakple amesiwo katã le Korax ŋu kple woƒe nuwo katã.


eye anyigba ke nu mi wo kpe ɖe Korax ŋu, eye ha la ku, eye dzo fiã ŋutsu alafa eve blaatɔ̃awo, eye wòzu ŋkuɖodzinu la.


Ke esime nu gbegblẽ sia lava ɖo magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia lava ɖo makumaku la, ekema nya, si woŋlɔ ɖi la, ava ve me bena: „Womi ku le dziɖuɖu me.“


Elabena mí amesiwo le agbadɔ me la, mieŋena, esi agba le mía kpem la ŋuti; elabena míele didim bena, woaɖe awu le mia ŋu o, ke boŋ bena, woaɖo awu na mi, bena agbe la nami nusi kuna la.


Ne èho aʋa ɖe dua ɖe ŋu, eye nete tui la, ekema bia be, wòana ta.


Elabena Yehowa tɔ enye eƒe dukɔ, eye Yakob enye domenyinu, si wòmã nɛ.


le fiawo kple amesiwo katã ɖu amegãwo la ta, bene míanɔ anyi kpoo le ŋutifafa mele mawuvɔvɔ̃ kple nusi dzea bubu katã la me.


Aʋafiawo nu tso le Israel, wo nu tso, vaseɖe esime nye Debora medo, medo abe Israel dada ene!


Tete Samuel tsɔ amigoe la kɔ ɖe la me ne, eye wòɖuɖɔ nu nɛ gblɔ bena: Ɖe Yehowa mesi ami na wò be, naɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?


Azɔ nye aƒetɔ nese eƒe dɔla ƒe nyawo dzro: Nenye Yehowae do wò ɖe ŋunye la, ekema axɔ vɔsa aʋẽ ase, ke nenye amegbetɔviwoe la, ekema aɖi wo ŋu le Yehowa ŋku me, elabena wonyãm egbe, be nyemagakpɔ gome le Yehowa ƒe anyigba dzi o hegblɔ bena: Yi ɖasubɔ mawu bubuwo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa