Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 20:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Azɔ wova ɖe to ɖe wo le Abel-Bet-Maaxa, eye woƒu kpo ɖe du la ŋu vaseɖe glia dzi. Eye aʋakɔ blibo, si le Yoab ŋu la, lu ɖe eme, be woamũ gli la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Esi Yoab ƒe aʋawɔlawo va ɖo la, woɖe to ɖe Seba le Abel Bet Maka, ƒu kpo ɖe dua ŋu tso anyigba yi gli la tame eye wode asi gli la gbagbã me.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 20:15
11 Mawu Ofanana  

Ke eya tsa to Israel-toawo katã me vaseɖe Abel-Bet-Maaxa, eye Bixritɔwo katã hã ƒo ƒu hedze eyome.


Tete Ben-Hadad ɖo to fia Asa ƒe gbe, eye wòdo eƒe aʋafia ɖo ɖe Israel-duwo me, eye wòsi Iyon, Dan, Abel-Bet-Maaxa kple Kinerot blibo la hekpe ɖe Naftali-nyigba blibo la ŋu.


Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Eyata ale Yehowa gblɔ ɖe Asur-fia ŋu enye si; Mava du sia me o, eye mada aŋutrɔ ɖe eme o, mate ɖe eŋu kple akpoxɔnu o, eye maƒu kpo ɖe eŋu o.


Du suea ɖe li, ŋutsu ʋeea ɖewo koe le eme; tete fia gãa ɖe ho ɖe eŋu, eɖe to ɖee, eye wòƒo kpo gãwo ɖe eŋu.


Eyata ale Yehowa gblɔ ɖe Asur-fia ŋu enye si: Mava du sia me o, eye mada aŋutrɔ ɖe eme o, matsɔ akpoxɔnu ate ɖe eŋu o, eye maƒu kpo ɖe eŋu o.


Kpɔ ɖa, kpoƒuƒu va keke dua ŋu ke, ne woaxɔe, eye woatsɔ du la ade asi na Kaldeatɔ, siwo le aʋa wum kplii, le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta; nya, si nègblɔ la, va me, eye nèle ekpɔm tso,


Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe du siawo me xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo, siwo wogbã ƒu anyi le kpoƒuƒuawo kple yi ta la ŋuti enye si:


Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milã eƒe atiwo, eye miƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu; eyae nye du, si woahe to na, eye ŋutasesẽ yɔe fũ.


ɖo toɖelawo eŋu, eye natu dzɔlawo ƒe xɔ tsrala ɖe, eŋu, ƒu kpo ɖe eŋu, ɖe aʋakɔwo ɖo eŋu, eye natsɔ gligbãnuwo ƒo xlãe godoo.


Elabena ŋkekewo ava dziwò, eye wò ketɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, eye woaxaxa wò ɖe eme le goawo katã dzi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa