Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 20:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Esi wòtee ɖa le mɔa dzi la, amesiame to eŋuli dze Yoab yome, be woati Seba, Bixri vi la yome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Esi wohe ame kuku la le mɔa dzi la, ame sia ame dze Yoab yome be yewoalé Seba, Bikri vi la.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 20:13
14 Mawu Ofanana  

Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!


Yoab ƒe ɖekakpuiwo dometɔ ɖeka tsi egbɔ le gbɔgblɔm bena Amesi ke lɔ̃a Yoab ƒe nya kple amesi ke nye Dawid lɔ la, nedze Yoab yome!


Ke eya tsa to Israel-toawo katã me vaseɖe Abel-Bet-Maaxa, eye Bixritɔwo katã hã ƒo ƒu hedze eyome.


Ke Asur-fia do Tartan, Rabsaris kple Rabsake kpakple aʋakɔ gãa ɖe tso Laxis ɖo ɖe Yerusalem ɖe fia Xizkiya ŋu, eye woho heva Yerusalem. Esi woho va la, wotɔ ɖe dzigbeta, si le avɔnyãla ƒe agblenu dzi la, ƒe tɔʋu nu,


Vɔ̃tsitsri enye nuteƒewɔlawo ƒe mɔtata; amesi léa ŋku de eƒe zɔzɔme ŋu la, kpɔa eƒe agbe ta.


Eye Asur-fia ɖo Rabsake kple aʋakɔ gãa ɖe tso Laxis ɖe fia Xizkiya le Yerusalem, eye wòdze aʋa ɖe dzigbeta ƒe tɔʋu to le avɔnyãla ƒe agblemɔ to.


Mito agboawo me yi, mito wo me yi! Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔ la; mido mɔ, miɖo mɔ, miɖe kpewo ɖa, mikɔ aflaga dzi na dukɔwo!


Tete Yehowa gblɔ na Yesaya bena: Mia kple viwò Sear-Yasub mido yi ɖakpe Axaz le dzigbeta la ƒe tɔʋu ƒe mlɔenu le avɔnyãla ƒe agblemɔ to,


Ɖo ŋkuɖodzikpewo, tu dzesidonuwo, tsɔ wò tame ɖo mɔ, si nèto la ŋu. Trɔ gbɔ, ɖetugbi Israel, trɔ gbɔ, va wò du siawo me!


Tete Israel-viwo gblɔ nɛ bena: Dumɔ gã dzi ko miehe, míato ayi, eye ne mia kple miaƒe lãwo mieno wò tsi la, ekema míaxe fe ɖe eta. Afɔ pɛ ko miehe, míatsɔ azɔ edzi ayi, eye miele naneke dim wu esia o.


Eye wova Yerixo; eye esi wòdo go tso Yerixo kple eƒe nusiawo kple ameha gã la, Bartimeo, Timeo vi, si nye nubiala ŋkuagbãtɔ la, bɔbɔ nɔ anyi ɖe mɔ to.


Eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, woɖua Yehowa ƒe ŋkekenyuie la ƒe sia ƒe le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ, si tso Betel ɖo ta Sixem la, ƒe ɣedzeƒe kpakple Lebona ƒe dziehe.


Eye nyinɔwo lé mɔ kɔ ɖo ta Bet-Semes, wòlé mɔ ɖeka hele xɔxlɔ̃m, eye womedze ɖe ɖusi alo mia me o. Eye Filistitɔwo ƒe amegãwo le wo yome vaseɖe Bet-Semes ƒe liƒo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa