Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete Dawid ɖɔ amewo ɖo ɖe Yabes-Gileadtɔwo gblɔ na wo bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve miaƒe aƒetɔ Saul nu, eye mieɖii!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 eɖo du ɖe wo be, “Yehowa nayra mi le ale si miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ eye mieɖii kple bubu la ta.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 2:5
16 Mawu Ofanana  

Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram!


Ke Abram gblɔ na Sodom-fia bena. Meta Yehowa, Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba la


Etsɔ nèva, eye egbe ko mana nana tsaglalã tsam kpli mia? Nye la meyina, afisi menya kpɔ ko; mia kple nɔviwòwo migbubɔ, eye amenuveve kple nyateƒe anɔ kpli wò!


Dawid yi ɖaxɔ Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo, siwo Yabes-Gileadtɔwo yi ɖafi le Bet-San ƒe ablɔ me, afisi Filistitɔwo tsɔ wo va ku ɖo, le gbesigbe Filistitɔwo wu Saul le Gilboa la, le wo si.


Yehowa, dzikple anyigbawɔla, ƒe ame yayrawo mienye.


Tete ŋutsuawo gblɔ nɛ bena: Ne miegblɔ nya sia wose o, eye Yehowa tsɔ anyigba la na mí, gake míeve nuwo o, eye míeɖi anukware na wò o la, ekema míaku ɖe mia teƒe!


Eye wòbia bena: Ameka le Israel-toawo dome, si meva Yehowa gbɔ le Mizpa o? Eye kpɔ ɖa, Yabes-Gileadtɔa ɖeke meva takpeƒe la le asaɖa me o.


Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa eveawo bena: Mitrɔ, eye mia dome amesiame negbugbɔ yi dadaa ƒe me! Yehowa ave mia nu, abe alesi mieve mía kple ame kukuawo nui ene!


Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa bena: Yehowa, si mete eƒe amenuveve agbagbeawo kple kukuawo o la, ayrae! Eye Naomi gblɔ nɛ bena: Ŋutsu la míaƒe ƒometɔe, eye mía srɔ̃ɖia wònye.


Eye wògblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye! Eɖe wò lɔlɔ̃ fia fifia wu tsã; elabena mèdze ɖekakpuiwo, ame dahe alo hotɔwo yome o.


Emegbe Amonitɔ Nahas ho va de to de Yabes-Gilead. Tete Yabes-ŋutsuwo katã gblɔ na Nahas bena: Bia nu kpli mí, ekema miasubɔ wò!


Azɔ wògblɔ na ame dɔdɔ, siwo va la bena: Miyi ɖagblɔ na Yabes-Gileadtɔwo bena: Etsɔ ŋdɔ la woaxɔ na mi! Eye esi ame dɔdɔwo va gblɔe na Yabestɔwo la, dzi dzɔ wo.


Esi Samuel va Saul gbɔ la, Saul gblɔ nɛ bena: Yehowa ayra wò! Mewo Yehowa ƒe gbe dzi.


Saul gblɔ bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve nunye!


Ede nyui, si nèwɔ nam la, fia egbe be, esi Yehowa tsɔm de asi na wò la, mèwum o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa