Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 2:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye wokɔ Asahel ɖaɖi de fofoa ɖiƒe le Betlexem; eye Yoab kple eƒe amewo zɔ zã blibo la, eye ŋu ke de wo le Xebron.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Yoab kple eƒe amewo kɔ Asahel ƒe kukua yi Betlehem eye woɖii ɖe fofoa xa. Le esia megbe la, wozɔ mɔ to zã blibo la me eye woɖo Hebron le ŋdi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 2:32
10 Mawu Ofanana  

Esi Israel kpɔ be, yeƒe kuɣi le ɖoɖom la, ena woyɔ via Yosef vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Ne mele vevie na wò la, ekema tsɔ wò asi ɖo nye ali me, eye nave nunye, aɖi anukware nam bena, màɖim ɖe Egipte o;


ke boŋ naɖim ɖe tɔgbuinyewo gbɔ, eye natsɔm atso Egipte aɖaɖi ɖe woƒe yɔdo me. Tete wòɖo ŋu bena: Mawɔe, abe alesi nèdi ene.


Ke Dawid ƒe dɔlawo wu ame alafa etɔ̃ kple blaade le Benyamin kple Abner ƒe amewo ŋu.


Tete Israel-toawo katã va Dawid gbɔ le Xebron, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ƒu kple wò ŋutilã míenye.


Eye woɖii ɖe eƒe yɔdo, si wòɖe ɖe Dawid ƒe dua me la me; wotsɔe mlɔ aba, si dzi wotsɔ atike ʋeʋẽe vovovo, siwo atikeɖala veviwo tɔtɔ, da ɖo la dzi, eye wodo dzo gãa ɖe nɛ eteƒe mekɔ o.


Eye Yosafat mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖu ɖe fofoawo gbɔ le Dawid ƒe du la me, eye via Yoram zu fia ɖe eteƒe.


Kpa amesi zã le eƒe ɖɔwɔwɔ me la ɖa, fiawoe wòasubɔ, eye menye ame tsɛwo wòasuhɔ o.


Gideon, Yoas vi la, tsi ŋutɔ hafi ku, eye woɖii ɖe fofoa Yoas ƒe yɔɖo me le Abiesritɔwo ƒe Ofra.


Eye Saul biae bena: Ɖekakpui, ameka vi nènye? Dawid ɖo ŋu bena: Wò dɔla Betlexemtɔ Isai ƒe vi menye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa