Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 2:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Yoab ɖo ŋu bena: Meta Mawu ƒe agbe, ɖe menye wòe ƒo nu o la, anye ne dukɔ la gbugbɔ le wo nɔewo yome tso egbe ŋdi ke.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Yoab ɖo eŋu be, “Metsɔ Mawu ka atam be, ne menye ɖe nèƒo nu o gɔ̃ hã la, anye ne mí katã míatrɔ adzo, ayi aƒe me etsɔ ŋdi.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 2:27
11 Mawu Ofanana  

Tete Abner gblɔ na Yoab bena: Na ɖekakpuiawo natsi tre; ne woate wo ɖokui akpɔ le mía ŋku me! Eye Yoab gblɔ bena: Ne wotsi tre!


Eye Abner yɔ Yoab gblɔ bena: Ɖe yi anɔ nuɖuɖu dzi koa? Menyae be, ava vɔ̃ɖi ɖe dzi emegbe oa? Ɣekaɣi nagblɔ na dukɔ la be, woatrɔ le wo nɔviwo yomea?


Eye Yoab ku kpẽ, tete aʋakɔ blibo la tɔ, womegati Israel yome o, eye wodzudzɔ aʋawɔwɔ.


Meta Mawu, amesi gbe afiatsotso nam la, ƒe agbe, kple ŋusẽkatãtɔ, amesi do nuxaxa na nye luʋɔ la;


Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.


Dzregɔmetoto le, abe alesi woŋɔa tɔe ene; eyata dzudzɔ, hafi ne wòava do gã.


Tameɖoɖowo vaa eme, ne adaŋudede kpe ɖe eŋu; eyata tsa tamebubuwɔ aʋae.


Megatsi klokloklo dzi de dzrewɔwɔ ŋu o, elabena nuka nawɔ emegbe, ne hawòvi do ŋukpe wòa?


Egblɔ be, yeanye aƒenɔ daa tegbee; esia mede dzigbɔ na wò o, eye meɖo ŋu alesi woava nɔ emegbe o.


Eyata nye aƒetɔ, mefa Yehowa ƒe agbe kple wò amea siaa, Yehowa nye amesi xe mɔ na wò, be nagaɖe hlɔ̃fe, eye natsɔ wò asi axa na ɖokuiwò o! Azɔ Nabal nenɔ abe nye aƒetɔ ƒe futɔ, siwo le eƒe gbegblẽ dim la ene!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa