Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 2:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye Abner yɔ Yoab gblɔ bena: Ɖe yi anɔ nuɖuɖu dzi koa? Menyae be, ava vɔ̃ɖi ɖe dzi emegbe oa? Ɣekaɣi nagblɔ na dukɔ la be, woatrɔ le wo nɔviwo yomea?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Abner do ɣli gblɔ na Yoab be, “Ɖe míatsɔ míaƒe yiwo anɔ mía nɔewo wuwu dzi ɖaa? Ɣe ka ɣie nàna wò amewo nagbugbɔ le wo nɔviwo yome?”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 2:26
17 Mawu Ofanana  

Dawid gblɔ na dɔla la bena: Ale nagblɔ na Yoab enye si: Megana nusia nave wò o, elabena yi ɖua nu le afi kple afi! Do dzi wo aʋa kple dua, eye nagbãe! Ale naɖe dzi ƒo nɛ enye si!


Tete Abner gblɔ na Yoab bena: Na ɖekakpuiawo natsi tre; ne woate wo ɖokui akpɔ le mía ŋku me! Eye Yoab gblɔ bena: Ne wotsi tre!


Wòlé ta na wo nɔewo heƒo yi ɖe wo nɔewo ƒe abla me, eye wodze anyi zi ɖeka. Eye wona ŋkɔ teƒe sia be nudaƒe; ele Gibeon.


Tete Benyamin-viwo ƒo wo ɖokui nu ƒu ɖe Abner yome hewɔ asafokɔ ɖeka, eye wotsi tre ɖe togbɛa ɖe ta me.


Yoab ɖo ŋu bena: Meta Mawu ƒe agbe, ɖe menye wòe ƒo nu o la, anye ne dukɔ la gbugbɔ le wo nɔewo yome tso egbe ŋdi ke.


Ɣekaɣi miawɔ nyaʋa ase ɖo? Midze nunya gbã, emegbe hafi miaƒo nu!


Ɣekaɣi mianɔ nuxaxa dom na nyee luʋɔ, eye miatsɔ nyawo agbãm nyanyanya ase ɖo?


Ne meyɔ wò la, tɔ nam, nye dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu, wò amesi na alɔmeɖeƒem le xaxa me; ve nunye, eye nase nye gbedodoɖa!


Dzregɔmetoto le, abe alesi woŋɔa tɔe ene; eyata dzudzɔ, hafi ne wòava do gã.


Ke ne miegbe, eye miesẽ to la, yi aɖu mi, elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.


Nugblẽlawo va to ƒeƒlewo katã ta me te gbe dzi; elabena Yehowa ƒe yi le nu ɖum tso anyigba ƒe mlɔenu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenu; ŋutifafaa ɖeke meli na ŋutilãwo katã o.


Yakatsyɔ meƒo mia viwo, wodo toku tohehe la. Miaƒe yi ɖu miaƒe nyagblɔɖilawo abe dzata vuvunu ene.


Ɣekaɣi manɔ aflaga kpɔm, eye manɔ kpẽwo ƒe ɖiɖi sem ase ɖo?


Gbemagbe enye hlɔ̃biagbe na Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo. Yi aɖu nu aɖi ƒo, eye wòamu woƒe ʋu; elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, le vɔsaŋkekenyuie ɖum le anyiehe-nyigba dzi, le Frat-tɔsisi la nu.


Mido kpo le Egipte, miɖe gbe ƒã le Migdol, eye miɖe gbe ƒã le Nof kple Taxpanxes! Migblɔ bena: Tso nadzra ɖokuiwò ɖo, elabena yi le nu ɖum le ŋuwò godoo.


Yi ava woƒe duwo dzi, aŋe woƒe gametiwo, eye wòaɖu nu le woƒe tameɖoɖowo ta.


Eye esi ŋu gake la, eva ɖo ɖe wo dzi, le esime wole kɔ dam, eye wòlé avu wo gblɔ bena: „Ŋutsuwo, nɔviwò míenye! Nukaŋuti miele nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mia nɔewo ŋu?“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa