Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 2:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye Zeruya vi Yoab kple Dawid ƒe dɔlawo hã ho, eye wova ƒo go wo nɔewo le Gibeon-tato; woawo le ta la ƒe go si me, eye ame meawo le ta la ƒe go keme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 eye Aʋafia Yoab, Zeruya ƒe vi, hã kplɔ David ƒe aʋakɔ be woado go wo. Wodo go le Gibeon ta la to eye wonɔ ta la ƒe akpa eveawo dzi, dze ŋgɔ wo nɔewo.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 2:13
13 Mawu Ofanana  

Eye Zeruya viŋutsu etɔ̃ le afima: Yoab, Abisai kple Asahel; eye Asahel ƒe afɔ tsɔna abe zi le gbe me ene.


Yoab le Israel ƒe aʋakɔ blibo la nu, eye Benaya, Yehoyada vi, le Kretitɔwo kple Pletitɔwo nu;


Esi woɖo kpe gã, si le Gibeon gbɔ la, tete Amasa va ɖo go wo. Ke yi le Yoab si le eƒe aʋawu, si wòɖo la te, eye wòta yi, si le aku me la, ɖe edzi le aklito, eya ɖo le eme hege ɖe anyigba.


Asahel, Yoab nɔvi, le ame blaetɔ̃awo dome, Elxanan, Dodo vi, tso Betlexem,


Yoab, Zeruya vi, le aʋakɔ la nu, eye Yosafat, Axilud vi, nye fia ƒe tsiami;


Eye wòɖo gbe ɖi kple Yoab, Zeruya vi, kpakple nunɔla Abyatar, eye wokpe ɖe Adoniya ŋu.


Enya nusi Yoab, Zeruya vi la wɔm, nusi wòwɔ Israel ƒe aʋafia eveawo Abner, Ner vi, kple Amasa, Yeter vi la, amesiwo wowu, eye wòbia hlɔ̃ ɖe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le aʋa me la nu le ŋutifafaɣi, eye wòna aʋaʋu ƒo eƒe alidziblanu, si le eƒe ali, kple afɔkpa, si le eƒe afɔ.


Tete Dawid gblɔ bena: Amesi ke tre Yebusitɔwo sisi la, eya anye tatɔ kple kplɔla. Tete Yoab, Zeruya vi, tre yiyi, eye wòzu tatɔ.


Wo nɔvinyɔnuwo nye Zeruya kple Abigail, eye Zeruya viwo nye Abisai, Yoab kple Asahel; wole wo ame etɔ̃.


Enelia, le dzinu enelia me, enye Asahel. Yoab nɔvi, eye via Zebadya dze eyome; eƒe ha la le ame akpe blave vo ene.


woɖe woƒe aʋawɔlawo katã, eye woho, be yewoaɖawɔ aʋa kple Ismael, Netanya vi la, eye woɖatui le tɔ gã, si le Gibeon la to.


Tete Dawid xɔ edzi gblɔ na Xititɔ Aximelex kple Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi bena: Amekae ayi Saul gbɔ le asaɖa me kplim? Abisai ɖo ŋu bena: Mayi kpli wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa