Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 19:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete fia la tsi tre va bɔbɔ nɔ agbo nu. Eye wova gblɔe na aʋakɔ blibo la bena: Kpɔ ɖa, fia la bɔbɔna agbo nu! Eye aʋakɔ blibo la va fia la ŋku me; gake Israel dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Wode asi nyahehe me le wo ɖokuiwo dome henɔ gbɔgblɔm be, “Fia David ɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me. Eɖe mí tso Filistitɔwo ƒe asi me, ke azɔ la esi le Absalom nu eye wòdzo le anyigba la dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 19:9
15 Mawu Ofanana  

Tete Dawid gblɔ na eƒe dɔla, siwo katã le eŋu le Yerusalem la bebena: Mitso, ne miasi; elabena mía dometɔa ɖeke makpɔtɔ le Absalom ŋku me o! Netsɔ, mídzo, ne eƒe afɔ nagatsɔ wòabi mi, eye wòahe dzogbevɔ̃e ava mia dzi, eye woatsrɔ̃ du la kple yi o!


Eye wotsɔ Absalom ƒu gbe ɖe do gãa ɖe me le avea me, eye wofa kpe li ko gãa ɖe ɖe edzi, eye Israel blibo ta dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Eye dukɔ blibo la he dzre le Israel-toawo katã me gblɔ bena: Fia la ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me, eye wòxɔ mí tso Filistitɔwo si; azɔ esi tso anyigba la dzi le Absalom nu.


Eye aʋakɔ blibo la tso Yordan, emegbe fia la hã tsoe. Eye fia la ɖuɖɔ nu na Barsilai heyrae, eye wògbugbɔ yi enɔƒe.


Eɖem tso nye dukɔ ƒe dzrewɔwɔwo me, èdzram ɖo hetsɔm ɖo dukɔwo ƒe lae, eye dukɔ, si nyemenya o la, subɔm.


Tete Dawid va Baal-Perazim, eye Dawid si wo le afima, eye wògblɔ bena: Yehowa dze nye futɔwo le ŋgɔnye, abe alesi tɔsisi ŋɔa go ene. Eyata wona ŋkɔ teƒe ma bena Baal-Perazim.


Mem wo gudugudu abe ʋuʋudedi le ya nu ene, eye metsɔ wo ƒu gbe abe ablɔ me gbeɖuɖɔ ene.


Megblɔ na wo bena: Amesi ke si sika le la, netsɔe vɛ nam. Tete wotsɔe vɛ nam, eye medee dzo me ko wòtrɔ zu nyivi.


Ale Dawid tsɔ akafo kple kpe la kpɔ ŋusẽ ɖe Filistitɔ la dzi, eye wòƒo Filistitɔ la hewui; ke yi mele Dawid si o.


Eye Saul gblɔ be: Ale miagblɔ na Dawid enye si: Fia mele srɔ̃ɖenua ɖeke dim o, negbe Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka ko, ne woabia hlɔ̃ fia ƒe futɔwo. Ke Saul bu be, yeana Dawid natsi Filistitɔwo si me.


Etsɔ eƒe agbe ɖo asiƒo me hewu Filistitɔ la, eye Yehowa ɖu dzi gãa ɖe na Israel blibo la. Wo ŋutɔ èkpɔe, eye dzi dzɔ wò; nukaŋuti nèbe, yeada vo ɖe ʋu maɖifɔ ŋu ahawu Dawid dzodzro?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa