Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 19:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eyata tsi tre, nado ayi, eye naƒo nu kple wò dɔlawo fafɛ; elabena meta Yehowa: ne medo yi o la, amea ɖeke makpɔtɔ ɖe gbɔwò le zã sia me o; eye esia avɔ̃ɖi na wò awu vɔ̃, siwo katã dzɔ ɖe dziwò tso wò ɖekakpuime vaseɖe fifi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Fia la tso eye wòyi ɖanɔ dua ƒe agbonu. Esi amewo se be, “Fia la nɔ anyi ɖe dua ƒe agbonu” la, wo katã va ƒo ƒu ɖe eŋu. Le ɣeyiɣi sia me la, Israel ƒe aʋawɔlawo katã ka hlẽ: ame sia ame yi eya ŋutɔ ƒe aƒe me.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 19:8
10 Mawu Ofanana  

Eye Absalom fɔna ŋdi kanya ɖatsia tre ɖe agbo la ƒe mɔ to; eye wòva me, ne amesiame tsɔ dzrenyaa ɖe yina ɖe fia gbɔ, be woadrɔ̃ la, Absalom yɔne hebianɛ be: Du ka me nètso? Ne ame la ɖo ŋu be: Wò dɔla tso Israel-toawo dometɔ ɖeka me la,


Eye wotsɔ Absalom ƒu gbe ɖe do gãa ɖe me le avea me, eye wofa kpe li ko gãa ɖe ɖe edzi, eye Israel blibo ta dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Dawid bɔbɔ nɔ agbo eve dome, eye dzɔla de agbo, si le glia ŋu la ta me. Eye esi wòfɔ kɔ dzi la, ekpɔ ŋutsu ɖeka koliaa ɖe le ɖu dzi gbɔna ɖa.


Fia la gblɔ na wo bena: Mawɔ nusi nyo mia ŋu. Tete fia la tsi tre ɖe agbo la xa, eye aʋakɔ blibo la ho yi alafalafa kple akpeakpe.


Ale dziɖuɖu la trɔ zu konyifafa na dukɔ blibo la gbemagbe, elabena dukɔ la se gbemagbe be, fia la le nu xam le via ŋuti.


Esi ɣe ɖo to la, ɣli ɖi le asaɖa la me bena: Amesiame neyi eƒe du me, eye amesiame neye eƒe anyigba dzi,


Ke Israel si Yuda, eye wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Tete Yoram ho yi Zair, eye tasiaɖamwo katã kpe ɖe eŋu. Esi wòfa le zã me la, edze Edomtɔ, siwo ɖe to ɖe eya kple tasiaɖam-amegãwo la, eye dukɔ la si yi eƒe agbadɔ me.


Filistitɔwo wɔ aʋa la, eye wosi Israel, ale be wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me; woɖu dzi gãa ɖe, eye afɔzɔla akpe blaetɔ̃ tsi le Israel ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa