Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 19:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Tete Yuda-ŋutsuwo katã ɖo ŋu na Israel-ŋutsuwo bena: Le esi fia la tsɔ mía gbɔ la tae! Nukaŋuti miele dɔmedzoe dom le nya sia ŋuti? Ɖe mieɖu fia la ƒe nanea? Alo ɖe míexɔ nunana le esia?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

43 Israelviwo ɖo eŋu be, “To ewoe le Israel eya ta míawo tɔe nye teƒe ewo le fia la ƒe nyawo me. Nu ka ta miekpe míaƒe ame mamlɛawo o? Miɖo ŋku edzi be míawoe nye ame gbãtɔ siwo do susua ɖa be míana wòatrɔ agbɔ agava nye míaƒe fia.” Wohe nya sia ɣeyiɣi didi aɖe, ke Yuda ŋutsuwo ƒe nyawo ɖu Israel ŋutsuwo tɔwo dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 19:43
23 Mawu Ofanana  

Eye migblɔ na Amasa bena: Alo menye nye ƒu kple nye ŋutilã nenye oa? Mawu nafiam agafiam ɖe dzi, ne menye wòe anye aʋafia le ŋkunye me ɖaa ɖe Yoab teƒe o fi!


Tete fia la tsi tre va bɔbɔ nɔ agbo nu. Eye wova gblɔe na aʋakɔ blibo la bena: Kpɔ ɖa, fia la bɔbɔna agbo nu! Eye aʋakɔ blibo la va fia la ŋku me; gake Israel dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!


tete Dawid gblɔ na Abisai bena: Azɔ Seba, Bixri vi la, le vɔ wɔ ge mi awu Absalom. Eyata ɖe wò aƒetɔ ƒe dɔlawo, eye nati eyome, ne magaxɔ du sesẽwo, eye wòasi le mia ŋku me o!


Tete Israel-toawo katã va Dawid gbɔ le Xebron, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ƒu kple wò ŋutilã míenye.


Esi Israel blibo la kpɔ bena, fia la mese woƒe gbe o la, dukɔ la ɖo ŋu na fia la bena: Gome ka le Dawid gbɔ na mí, eye domenyinu ka le Isai vi la gbɔ na mi? Israel, yi wò agbadɔ me! Dawid, kpɔ wò aƒe gbɔ! Eye Israel dzo yi eƒe agbadɔ me.


Dadala dzre sɔŋ ko wòhena vɛ; ke nunya le emesiwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome.


Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.


Dzregɔmetoto le, abe alesi woŋɔa tɔe ene; eyata dzudzɔ, hafi ne wòava do gã.


Nɔvi, si ŋu woda vo ɖo la, tri akɔ wu du sesẽ, eye dzrewɔwɔ le abe fiasã ƒe gametiwo ene.


Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tso nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.


Ke ne mieɖu, eye miemi mia nɔewo la, mikpɔ nyuie, be míagatsrɔ̃ mia nɔewo o!


trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, komamãwo,


Miganɛ míaƒe ŋkuwo nabia le bubu dzodzro ŋuti o, ne míagadi ge le mia nɔewo ŋu, eye miaƒe nu nagave dɔme na mía nɔewo o.


migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui;


elabena ame ƒe dziku mewɔa Mawu ƒe nu dzɔdzɔe o.


Tete Efrayim-ŋutsuwo gblɔ nɛ bena: Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu, eye esi neho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu la, negbe mia yɔyɔ? Eye wohe dzre kplii vevie.


Mawu de gbɔgbɔ vɔ̃ɖia ɖe Abimelex kple Sixemtɔwo me, ale bena Sixemtɔwo trɔ le Abimelex yome,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa