Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 19:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Eye kpɔ ɖa, Israel-ŋutsuwo katã va fia la gbɔ, eye wogblɔ na fia la bena: Nukaŋuti ma nɔvi Yuda-ŋutsuwo fi wò dzoe, eye wokplɔ fia la kple eƒemetɔwo yi Yordan godo, eye Dawid ƒe ŋutsuwo katã kpe ɖe eŋu?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

42 Yuda ƒe viwo ɖo eŋu be, “Nu kae gblẽ le nu sia ŋu? Míaƒe to la mee fia la tso, nu ka ta nu sia ado dɔmedzoe na mi? Míexɔ ga aɖeke le esi o. Mena nuɖuɖu alo nunana aɖeke mí o!”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 19:42
6 Mawu Ofanana  

Eye Dawid dɔ ame ɖo ɖe nunɔla Zadok kple Abyatar gblɔ bena: Miƒo nu kple Yuda-ame tsitsiwo bena: Nukaŋuti miebe, yewoanye ame mlɔetɔ, siwo ava kplɔ fia la ayi eƒe mee? Elabena Israel blibo la ƒe nya ɖo fia la gbɔ le enɔƒe.


Tete Yuda-ŋutsuwo katã ɖo ŋu na Israel-ŋutsuwo bena: Le esi fia la tsɔ mía gbɔ la tae! Nukaŋuti miele dɔmedzoe dom le nya sia ŋuti? Ɖe mieɖu fia la ƒe nanea? Alo ɖe míexɔ nunana le esia?


Tete Yuda-ŋutsuwo va, eye wosi ami na Dawid le afima, ne woaɖu fia ɖe Yuda ƒe aƒe la dzi. Eye wova gblɔ na Dawid bena: Yabes-Gileadtɔwoe nye amesiwo ɖi Saul.


Tete Israel-toawo katã va Dawid gbɔ le Xebron, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ƒu kple wò ŋutilã míenye.


Tete Efrayim-ŋutsuwo gblɔ nɛ bena: Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu, eye esi neho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu la, negbe mia yɔyɔ? Eye wohe dzre kplii vevie.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa