Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 19:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Fia la gblɔ be: Kimham neyi kplim, eye mawo nusi nyo ŋuwò la nɛ, eye nusianu, si nèdi tso asinye la, mawɔe na wò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 Ale ameawo katã tso Yɔdan tɔsisi la kple fia la. Fia la kpla asi kɔ na Barzilai, yrae eye Barzilai trɔ yi aƒe.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 19:39
18 Mawu Ofanana  

Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram!


Mawu ŋusẽkatãtɔ nayra wo, eye wòana nadzi asɔ gbɔ ɖe dzi, bena natrɔ azu dukɔ geɖe.


Eyome la eɖuɖɔ nu na nɔviawo katã, eye wòfa avi ɖe woƒe kɔ dzi, emegbe la nɔviawo ƒo nu kplii.


Emegbe la Yakob yayra Farao, eye wòdzo le Farao gbɔ.


Emegbe la Yosef kplɔ fofoa Yakob va fia Farao gbɔ, tete Yakob yra Farao.


Fia la gblɔ na Absalom bena: Gbeɖe, vinye! Megana mí katã míayi o, ne míaganye agba na wò o! Eye wòƒoe ɖe enu; ke egbe be, yemayi o, eye wòyrae.


Tete Yoab yi fia la gbɔ ɖagblɔe ne; eye wòyɔ Absalom. Esi wòva fia la gbɔ la, ede ta agu ɖe fia la ŋku me, eye fia la gbugbɔ nu na Absalom.


Na wò dɔla nagbugbɔ, eye maku ɖe mia de kple fofonye kpakple danye ɖiƒe! Kpɔ ɖa, wò dɔla Kimham neyi kple nye aƒetɔ fia la, eye nawɔ nusi nyo ŋuwò la na!


Esi Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra dukɔ la le Yehowa Zebaot ƒe ŋkɔ me.


Esi Dawid yi gbe do ge na eƒemetɔwo la, tete Saul vinyɔnu Mixal va kpe Dawid gblɔ bena: Aleke gbegbe Israel-fia de bubu eɖokui ŋu heɖe ama le eteviwo ƒe dɔlanyɔnuwo ŋku me egbe, abe alesi yakamewo ɖea amae ene!


Eye wògblẽ nyiawo ɖi fu du kplu Eliya ɖo gblɔ bena: Taflatse, na maɖagbugbɔ nu na fofonye kple danye, emegbe madze yowòme. Eɖo ŋu nɛ bena: Yi nagatrɔ agbɔ, elabena nuka mewɔ na wòa?


Emegbe Bileam dze mɔ, eye wògbugbɔ va wo ɖe, eye Balak hã lé eƒe mɔ.


Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti;


Eye wo katã wode asi avifafa me vevie ŋutɔ, eye wodze Paulo ƒe ko dzi, eye wogbugbɔ nu ne


Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe ɖuɖɔ nɔviwo katã nam ƒã.


Tete wogafa avi sesĩe. Eye Orpa ɖuɖɔ nu na lɔ̃xoa, ke Rut ya ku ɖe eŋu,


Eyata ta Yehowa nam be, matsrɔ̃ megbenye viwo o, eye màtsrɔ̃ nye ŋkɔ ɖa le fofonye ƒe me o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa