Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 19:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eɖo ŋu bena: Nye aƒetɔ fia, nye dɔlae blem; elabena wò dɔla gblɔ be: Bla akpa na tedzi nam, ne mado ayi kple fia la, elabena xɔdrɔ̃e wò dɔla nye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Ke Ziba gblẽ nye ŋkɔ gblɔ be, ɖe megbe koŋ be nyemava o. Ke menya be èle abe mawudɔla ene eya ta wɔ nu si nyo na wò.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 19:27
12 Mawu Ofanana  

Eye wò dɔlanyɔnu bu be: Nye aƒetɔ fia la ƒe nya ana ɖoɖoe nazi: elabena nye aƒetɔ fia la le abe Mawu ƒe dɔla ene, amesi wòase nyuia kple vɔ̃a; eye Yehowa, wò Mawu, anɔ kpli wò.


Wò dɔla Yoab wɔ nusia, ne wòatsɔ ablu nya la ƒe afɔ; ke nye aƒetɔ ƒe nunya le abe mawudɔla ƒe nunya ene, ne wòanya nusianu, si dzɔna le anyigba dzi.


Fia la gblɔ be: Afika wò aƒetɔ ƒe vi la le? Ziba ɖo ŋu na fia la bena: Kpɔ ɖa, etsi Yerusalem, elabena egblɔ be: Azɔ la Israel ƒe aƒe la agagbugbɔ fofonye ƒe fiaɖuƒe la nam!


Tete fia la gblɔ na Ziba bena: Kpɔ ɖa, Mefiboset ƒe nuwo katã nye tɔwò! Eye Ziba gblɔ be: Mede ta agu na wò! Ne nye aƒetɔ nya ve nunye ko!


Tete Benyamintɔ Simei, si nye Gera vi tso Baxurim, wɔ kaba yi kple Yuda-ŋutsuwo, be yeaɖakpe fia Dawid.


Ke Mefiboset nɔ Yerusalem, elabena eɖua nu le fia ƒe agba nu; eye eƒe atawo kple eve tu.


Fia la bia bena: Ɖe amea ɖeke megale Saul ƒe me, ne mave enu abe Mawu ene oa? Ziba ɖo ŋu na fia la bena: Yonatan viŋutsu ɖeka li, amesi ƒe ata tu.


Amesi lia ehavi ŋu le adza me la, matsrɔ̃e ɖa; amesi dadaŋku le ta nɛ, eye eƒe dzi vu gbloto la, mia kplii ƒe ŋɔlime meƒo go o.


amesi metsɔa eƒe ade zɔa eme gɔmee o, mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medea ŋukpe mo na xɔlɔ̃via o;


Megaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o.


Amesiame flua ehavi, eye wometoa nyateƒe o; wona alakpadada ma woƒe aɖe, eye wokua kutri le nu tovo wɔwɔ me.


Axis ɖo ŋu gblɔ na Dawid bena: Nye la menyae bena, ame nyui nènye abe mawudɔla ene, ke Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ bena, megayi aʋa la kpli mí o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa