Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 19:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Tete Abisai, Zeruya tu la, gblɔ bena: Alo womele Simei, amesi do ɖiŋu na Yehowa ƒe amesiamina la, wu ge oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 David blu ɖe eta gblɔ be, “Nya kae le nye kple mi Zeruya ƒe viwo dome? Egbe miezu nye futɔwo. Ɖe wòle be woawu ame aɖe le Israel egbea? Ɖe mènya be egbea menye fia le Israel oa?”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 19:22
11 Mawu Ofanana  

Ke fia la gblɔ be: Nya ka me mele kple mi Zeruya viwo? Nedo ɖiŋu faa! Elabena nenye Yehowae gblɔ nɛ be: do ɖiŋu na Dawid la! ameka kpɔ mɔ agblɔ be: nukaŋuti nèle wɔwɔm alea?


Esi fia Dawid va Baxurim la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe, si tso Saul ƒe aƒe ƒe ƒome la me, si ŋkɔ nye Simei, Gera vi la, do tso afima va le ɖiŋu dom.


Zeruya vi Abisai gblɔ na fia la bena: Nukaŋuti avũ kuku sia anɔ ɖiŋu dom na nye aƒetɔ fia la? Na mayi aɖatso ta le enu!


Ke nye la ɖevi dzaa menye, hafi wòsi ami nam menye fia. Ke Zeruya vi siawo tri akɔ wum. Yehowa naɖo vɔ̃ eteƒe na nuawɔla ɖe eƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ la nu!


Eye woatsɔ amenuveve ali ke fiazikpuia ɖe, eye ʋɔnudrɔ̃laa ɖe anɔ edzi le Dawid ƒe agbadɔ me ɖikaa, amesi dia nya dzɔdzɔe yome, eye wòsea dzɔdzɔenyenye me.


Eye kpɔ ɖa, wodo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kpli wò dome, wò Mawuvi? Ɖe nèva afisia funyafunya wɔ ge mi, hafi ɣeyiɣi la nade mahã?


Ke Saul gblɔ bena: Womawu amea ɖeke le egbe ŋkeke sia dzi o, elabena egbe Yehowa na dziɖuɖu le Israel!


Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, made nye asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu! Eyata tsɔ akplɔ, si le eƒe tade, kple tsize la, ne miadzo!


Tete Abisai gblɔ na Dawid bena: Mawu tso wò futɔ de asi na wo egbe, eyata na matu akplɔ edzi zi ɖeka pɛ amimi ɖe anyigba, nyemele eda ge zi eve o!


Ke Dawid gblɔ na Abisai bena: Megawui o: elabena ameka ade eƒe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, eye woagbe tohehe nɛa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa