Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 18:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye fia la de se na Yoab kple Abisai kpakple Itai bena: Mikpɔ ɖekakpui Absalom la dzi nam nyuie! Eye aʋakɔ blibo la see, esime fia la le se dem na aʋakplɔlawo katã le Absalom ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Fia la gblɔ na Yoab, Abisai kple Itai be, “Mixa ɖe tanye ne miakpɔ nublanui na vinye Absalom.” Aʋawɔlawo katã se nya si fia la gblɔ na wo.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 18:5
8 Mawu Ofanana  

Eye Dawid gblɔ na Abisai kple eƒe dɔlawo katã bena: Kpɔ ɖa, vinye, si do tso nye ali me la, le nye ku dim; aleke wɔ Benyamintɔ mahadii oa? Mina, ne wòado ɖiŋu ko, elabena Yehowae gblɔe nɛ!


Tete Absalom kple Israel-ŋutsuwo katã gblɔ bena: Xusai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Axitofel ƒe aɖaŋu! Ke Yehowae ɖoe, be yeagblẽ Axitofel ƒe aɖaŋu nyui la me; elabena Yehowa be, yeahe dzɔgbevɔ̃e ava Absalom dzi.


Ŋutsu la ɖo ŋu na Yoab bena: Ne woxlẽ klosalo akpe ɖeka ɖe asi me nam hã la, nyemaɖe asi fiavi la ŋu o; elabena fia la de se na mia kple Abisai kpakple Itai miese bena: Mikpɔ ɖekakpui Absalom la dzi nam nyuie!


Tete fia la ƒo kpakpakpa heyi ɖe agbo la ƒe akpala me, eye wòfa avi; eye esi wòle yiyim la, ele gbɔgblɔm be: Vinye Absalom, vinye! Vinye Absalom, ɖe meku ɖe tewòƒe la, ne enyo wu! Vinye Absalom, vinye!


Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe mawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui.


Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa