Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 18:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Dawid tsɔ aʋakɔ ta ƒe etɔ̃liawo ɖeka de Yoab si, etsɔ etɔ̃liawo ɖeka de Zeruya vi Abisai, si nye Yoab nɔvi la si, eye wòtsɔ etɔ̃liawo ɖeka ɖe Gititɔ Itai si. Eye fia la gblɔ na aʋakɔ la bena: Nye hã mayi kpli mi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Akpa ɖeka nɔ Yoab nɔviŋutsu, Abisai, Zeruya ƒe viŋutsu te. Akpa evelia nɔ Itai, Gititɔ la te eye Fia David ɖo be akpa etɔ̃lia nanɔ ye ŋutɔ yeƒe kpɔkplɔ te hafi, gake ameawo gbe nɛ

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 18:2
14 Mawu Ofanana  

Ke nye aɖaŋu enye si: Na Israel blibo la nakpe la ɖe ŋuwò tso Dan vaseɖe Beer-Seba, abe alesi ƒutake sɔ gbɔe ene, eye wò ŋutɔ naho kpli wo!


Ke Zeruya vi Abisai xɔ nɛ, eye wòwu Filistitɔ la. Ɣemaɣi Dawid ƒe ŋutsuwo ka atam nɛ bena: Magade aʋa kpli mi azɔ o, ne nagatsi Israel ƒe akaɖi la o!


Abisai, Zeruya vi, Yoab nɔvi, enye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ; eya da eƒe akplɔ to ame tsiaʋa alafa etɔ̃awo dzi, eye wòxɔ ŋkɔ le ame blaetɔ̃awo dome.


Yoab, Zeruya vi, le aʋakɔ la nu, eye Yosafat, Axilud vi, nye fia ƒe tsiami;


Eye nya la ɖi Yoab se, elabena Yoab ku ɖe Adoniya ŋu, ke meku ɖe Absalom ŋu o; tete Yoab si yi Yehowa ƒe agbadɔ la me ɖalé vɔsamlekpui la ƒe dzowo.


Memlɔ anyi, eye meɖɔ alɔ; meganyɔ, elabena Yehowa lém ɖe asi.


Eye wòmã ame alafa etɔ̃awo ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me, eye wòtsɔ kpẽwo kple ze ƒuƒlu, siwo me akakatiwo le la, ɖe asi na wo katã.


Eye Gideon kple ame alafa ɖeka, siwo le eŋu la, va asaɖa la ƒe mlɔeanu le zãtiƒe, esime woɖe ŋudzɔnɔlawo ɖo anyi tetee; eye woku kpẽawo hegbà ze, siwo le wo si.


Tete wòmã aʋakɔ la ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me, eye wòyi ɖade xa ɖe gbe me. Eye esi wòkpɔ be, amewo do tso dua me gbɔna la, edo ɖewo ŋu, eye wòwu wo.


Esi ŋu ke la, Saul mã dukɔ la ɖe aʋalɔgo etɔ me, eye wova dze asaɖa la dzi le ŋdi ŋudzɔɣi hewu Amonitɔwo vaseɖe ŋdɔ. Ke amesiwo kpɔtɔ la, ka hlẽ, ale be wo dome ame eve metsi afi ɖeka o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa