Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 18:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye Zadok vi Aximaaz gblɔ bena: Maƒu du ahe du ayi na fia la bena, Yehowa tso afia nɛ le eƒe futɔwo si me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Zadok ƒe vi, Ahimaaz gblɔ be, “Na maƒu du ayi aɖagblɔ dzidzɔnya la na David be Yehowa ɖee tso eƒe futɔ, Absalom ƒe asi me.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 18:19
15 Mawu Ofanana  

Eye fia la gblɔ na nunɔla Zadok bena: Wòe nye nukpɔla, gbugbɔ yi dua me le ŋutifafa me, eye mia viwo kple eve nakpe ɖe mia ŋu: viwò Aximaaz kple Yonatan, Abyatar vi.


Kpɔ ɖa, wo vi eveawo le wo gbɔ le afima: Aximaaz, Zadok ta, kple Yonatan, Abyatar ta; eye miɖe nya sia nya, si miese la, wo si ɖo ɖem!


Eye Yonatan kple Aximaaz wonɔ Rogel-vudo la gbɔ. Eye dɔlanyɔnua ɖe hea gbe yinae na wo woɖagblɔna na fia Dawid be: womekpɔ mɔ ayi dua me o, elabena woava kpɔ wo.


Tete Yoab gblɔ nɛ bena: Mèle du nyuia ɖeke he ge ayii egbea o, ɣebubuɣi hã ahe du ayii xoxo; ke megahe dua ɖeke yii egbea o, elabena fiavi la ku!


Ne edze agbodo ʋuu hã la, mele yiyi ge! Eye wògblɔ ne bena Heyi! Tete Aximaaz to tagbamɔ tre dede na Kusitɔ la.


Eye kpɔ ɖa, Kusitɔ la va, eye Kusitɔ la gblɔ bena: Mehe gbe nyui vɛ na nye aƒetɔ fía, elabena Yehowa tso afia na wò tso amesiwo katã tsi tre ɖe ŋuwò la si me egbe


Ekpɔe, elabena wò ŋku le hiã kple nuxaxa ŋu, esiwò me wole; hiãtɔwo tsɔe de esi na wò; xɔnametɔ nènye ne tsyɔ̃eviwo.


ne natso afia na tsyɔ̃eviwo kple hiãtɔwo, be amegbetɔ magaɖa ɖadzra le anyigba dzi azɔ o.


ekema futɔ neti yonyeme, eye wòatum, nefanyam ɖe anyigba, eye wòate nye bubu ɖe ke me! Sela.


Dukɔwo ge dze ɖo, si woawo ŋutɔ woɖe la me, eye ɖɔ, si woɖo di la, ɖe woƒe afɔ.


le esi nye tutɔwote gbugbɔ ɖe megbee, wodze anyi, eye wotsrɔ̃ le ŋkuwò me ta.


Duƒula yi ɖakpe duƒula, eye duxɔla yi ɖakpe duxɔla, ne woagblɔ na Babel-fia be, wòxɔ eƒe du la le goawo katã me,


Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mo na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena; „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa