Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 18:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke esi Absalom le agbe la, eɖo kpea ɖe ɖe fia ƒe bali la me; elabena egblɔ be: Viŋutsua ɖeke mele asinye, ne wòalé nye ŋkɔ ɖe te o. Etsɔ eƒe ŋkɔ na kpe la, eye woyɔnɛ vaseɖe egbe be Absalom ƒe ŋkuɖodzikpe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Absalom tu ŋkuɖodzikpe aɖe na eɖokui le eƒe agbenɔɣi ɖe Fia ƒe Balime elabena egblɔ be, “Viŋutsu aɖeke mele asinye si ana nye ŋkɔ natsi anyi o.” Ena ŋkɔe be “Absalom ƒe Ŋkuɖodzikpe.” Wogayɔnɛ nenema egbegbe.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 18:18
13 Mawu Ofanana  

Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye miatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame nato dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o!


Eyata woyɔnɛ bena Babel, le esi Yehowa tɔtɔ amegbetɔwo katã ƒe gbe le afima, eye Yehowa na wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi ta.


Azɔ esi woɖu Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti dzi hetrɔ gbɔna va aƒe la, Sodom-fia va kpee le Sawebali me, si woyɔna be fiabali me la me.


Wodzi ŋutsuvi etɔ̃ kple nyɔnuvi ɖeka, si ŋkɔ nye Tamar, eye wòdze tugbe la, na Absalom.


Woatsrɔ̃ eƒe dzidzimeviwo, eye woƒe ŋkɔ netutu ɖa le ƒome, si adze eyome la me!


Kpao, ke boŋ akpɔe be, nunyalawo kuna, bometsilawo kple abunetɔwo nu yina, eye wogblẽa woƒe nuwo ɖi na ame bubuwo.


Nukae le asiwò le afi, eye amekae li na wò le afi, hafi nèɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi, eɖe yɔdo ɖe kɔkɔƒe, eye nèwɔ nɔƒe na ɖo-kuiwò ɖe agakpe me?


Ale Yehowa gblɔ esi: Miŋlɔ ŋutsu sia ɖi be, medzi vi o, enye ŋutsu, si naneke medze dzi na le eƒe agbe me o; elabena madze dzi na viawo dometɔa ɖeke, be wòabɔbɔ nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi ahaɖu le Yuda akpa o.


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


Eye Nobax yi ɖaxɔ Kenat kple eŋu kɔƒewo, eye wòna ŋkɔe le eƒe ŋkɔ nu be Nobax.


Eye Samuel fɔ ŋdi kanya, be yeayi aɖakpe Saul. Eye wogblɔ na Samuel bena: Saul va Karmel, eye wòli ŋkuɖodzinu ɖe afima, emegbe wòtrɔ yi Gilgal.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa