Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 17:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 anyitsi, notsi kpẽke, alẽwo kple nyinɔkesuwo vɛ na Dawid kple ameha, si le eŋu, be woaɖu; elabena wogblɔ be: Dɔ wu ameha la, ɖeɖi te eŋu, eye tsikɔ wui le gbea dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 anyitsi, nyinotsi babla, alẽwo kple akpɔnɔ si wowɔ kple nyinotsi la hã vɛ na David kple eƒe amewo be woaɖu. Wogblɔ be, “Dɔ le ameawo wum, ɖeɖi te wo ŋu eye tsikɔ hã le wo wum le gbegbea.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 17:29
15 Mawu Ofanana  

Eye fia la kple ameha blibo, si le eŋu la, va Ayefim, eye wogbɔ ɖe me le afima.


Fia la bia Ziba bena: Nuka nèbe, yeawɔ nu siawoe? Ziba ɖo ŋu be: Tedziawo nye fia la ƒe aƒea to, ne woaɖo; aboloawo kple kutsetse kpoawo nye ɖekakpuiawo tɔ, ne woaɖu; eye wein la nye amesiwo ŋu ɖeɖi te le gbedzi la to, ne woano.


eye mado ɖe edzi, esime ɖeɖi te eŋu, eye eƒe alɔwo gbɔdzɔ; eye mado voɖi nɛ, ale be ameha blibo, si le eŋu la nasi, eye mawu fia la ɖeɖe,


Dɔ kple tsikɔ wu wo, nu te woƒe luʋɔ ŋu le wo me.


Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.


Wole nu dim gbawotsyogbe; ke ame dzɔdzɔe la naa nu, eye metea ame o.


Mi Tema-nyigbadzitɔwo, mitso tsi yi ɖakpe ame tsikɔwuwo, mitso nuɖuɖu ɖakpe ame sisiwoe!


naka wò abolo na dɔwuitɔ, eye nakplɔ ame dahe, siwo le tsaglãla tsam la, ayi aƒewò mee, ne èkpɔ amea ɖe amama la, nata avɔ ne, eye màgaɣla ɖokuiwò ɖe wò ŋutɔ wò ŋutilã o.


kple Yohana, Kuza, si nye Herodes ƒe xɔnuvi la srɔ̃, kple Susana kple ame bubu geɖe, siwo tso woƒe nuwo subɔ wòe.


Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãtuame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!


Tsɔ notsi babla lalã ewo siawo yi na ame akpe ƒe amegã, eye bia nɔviwòwo be, woli sesĩe mahã? Eye xɔ dzesi tso wo gbɔ vɛ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa