Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 17:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Le ɣeyiɣi ma me la, esi Absalom do ŋukpe Ahitofel le dukɔ la ŋkume eye mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo o ta la, Ahitofel de eƒe tedzi dzi eye wòyi wo de. Esi wòdzra eƒe aƒe ɖo vɔ la, ede ka ve na eɖokui. Ale Ahitofel ku eye woɖii ɖe fofoa xa.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 17:23
15 Mawu Ofanana  

Eye esi Absalom le vɔ sam la, eɖo ame ɖe Dawid ƒe adaŋudela Gilonitɔ Axitofel, le wo de Gilo. Eye nugbeɖoɖo la nu le sesẽm, eye ameha, si le Absalom ŋu la, le agbɔ sɔm de dzi.


Eye wova gblɔ na Dawid bena: Axitofel le nugbeɖolawo dome kpe ɖe Absalom ŋu! Tete Dawid gblɔ bena: Yehowa, meɖe kuku, na Axitofel ƒe adaŋudede nazu lãnya!


Wobua Axitofel ƒe aɖaŋu, si wòɖona ɣemaɣi la, abe Mawue wòbia gbee ene: alea Axitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo nɔ na Dawid kple Absalom siaa.


Tete Dawid kple ameha, siwo katã le eŋu la, tsi tre, eye wotso Yordan; ame ɖeka hã hã mekpɔtɔ, si metso Yordan hafi ŋu ke o.


Esi Zimri kpɔ bena, woxɔ dua la, eyi ɖe fia ƒe aƒe ƒe mɔ̃ me, eye wòtɔ dzo fia ƒe xɔ la ɖe eɖokui dzi, eye woku


Ɣemaɣi la Xizkiya lé dɔ de kuku ge; eye nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi, va egbɔ gblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye mele agbe nɔ ge o.


Ɖe gbegblẽ mevaa ame vɔ̃ɖi dzi, eye dzɔgbevɔ̃e vaa nu vɔ̃ɖi wɔlawo dzi oa?


Esia nenye nye ketɔwo kple amesiwo le nye gblɔm ɖe ŋunye la, ƒe fetu tso Yehowa gbɔ!


Elabena nya vavãa ɖeke mele woƒe nu me o, gbegblẽ le woƒe dzi me, woƒe veme enye yɔdo nuvo, eye wovivia nu me kple woƒe aɖe.


Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔtawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.


Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.


Amegbetɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na; ke eƒe dzi nyrãna ɖe Yehowa ŋu.


Le ŋkeke mawo me la Xizkiya lé kudɔ. Eye nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi la, va egbɔ gblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye mele agbe no ge o.


Eye wòtso klosalo la ƒu gbe ɖe mawuxɔ la me hedzo, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa