Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 17:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete Absalom kple Israel-ŋutsuwo katã gblɔ bena: Xusai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Axitofel ƒe aɖaŋu! Ke Yehowae ɖoe, be yeagblẽ Axitofel ƒe aɖaŋu nyui la me; elabena Yehowa be, yeahe dzɔgbevɔ̃e ava Absalom dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Tete Absalom kple Israelviwo katã gblɔ be, “Husai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Ahitofel tɔ.” Esia va eme elabena Yehowa ɖo be, yeagblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋu, si nye nyuitɔ boŋ hafi la me ale be yeahe dzɔgbevɔ̃e va Absalom dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 17:14
25 Mawu Ofanana  

Ebiae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eɖo ŋu bena: Yakob.


Eye wova gblɔ na Dawid bena: Axitofel le nugbeɖolawo dome kpe ɖe Absalom ŋu! Tete Dawid gblɔ bena: Yehowa, meɖe kuku, na Axitofel ƒe adaŋudede nazu lãnya!


ke ne ègbugbɔ yi dua me, eye negblɔ na Absalom be: Fia, medi be, mazu wò dɔla; fofowò ƒe dɔla menye tsã, ke azɔ mebe, mazu wò dɔla la, ekema àte ŋu agblẽ Axitofel ƒe adaŋudede me nɛ nam.


Wobua Axitofel ƒe aɖaŋu, si wòɖona ɣemaɣi la, abe Mawue wòbia gbee ene: alea Axitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo nɔ na Dawid kple Absalom siaa.


Ale fia la meɖo to dukɔ la o, elabena Mawue trɔe alea, ne Yehowa nawɔ eƒe nya, si wògblɔ to Silotɔ Axiya dzi na Yerobeam. Nebat vi la dzi.


Ke egbe ame tsitsiawo ƒe adaŋu, si woɖo nɛ la, eye wòɖade adaŋu kple ɖekakpui, siwo nye ehatiwo, eye wonɔa eŋu la,


Eye esi wòƒo nu kplii la, egblɔ nɛ bena: Wòe mietsɔ ɖo fia ƒe aɖaŋuɖolaea? Dzudzɔ, ne menye nenem o la, woaƒo wò. Eye nyagblɔɖila la dzudzɔ hegblɔ bena: Menyae be, Mawu ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò, le esi nèwɔ nusia, eye mèɖo to nye aɖaŋuɖoɖo o ta.


Ke Amazya meɖo to o, elabena Mawu gbɔ wòtso, be wòatsɔ wo ade asi, le esi wòbia nu Edomtɔwo ƒe mawuwo ta.


Alea míewɔ dɔ lae; woƒe afa léa akplɔ de asi tso agudzedze me, vaseɖe esime ɣletiviwo tona.


Eɖea aboyo adaŋumegãwo amamae, eye wòdoa tsu ʋɔnudrɔ̃lawo.


na maxlẽ nya afia le wò ŋkɔxɔxɔwo katã ŋu le Zion-vinyɔnu ƒe duwo me, eye matso aseye le xɔname ŋuti.


Dukɔwo ge dze ɖo, si woawo ŋutɔ woɖe la me, eye ɖɔ, si woɖo di la, ɖe woƒe afɔ.


gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.


Tameɖoɖo geɖewo le amegbetɔ ƒe dzi me; ke Yehowa ƒe aɖaŋudede nɔa anyi.


Nunya kple gɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖoa ɖeke meli ɖe Yehowa ŋu o.


Ne miede adaŋu la, woagblẽ eme, ne mieɖo gbe ɖi la, mava me o; elabena Mawu li kpli mí!


Amekae gblɔ nya wòva me, ne Aƒetɔ la meɖe se hafi o?


Ne wobe ɖe Karmel ta me la, maɖi wo le afima ahe wo agbɔe, eye ne wosia ɖem ɖe atsiaƒu gɔme la, madɔ da woaɖu wo le afima.


Eye aƒetɔ la kafu xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewo nu le aɖaŋu me. Elabena xexe sia me viwo dze adaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo.


Elabena xexe sia me nunya enye bometsitsi le Mawu gbɔ, elabena woŋlɔ ɖi bena: „Eléa nunyalawo le woƒe aɖaŋu vɔ̃ me.“


Ke fia Sixon, amesi nɔ Xesbon, melɔ̃ be, míato egbɔ ayi o, elabena Yehowa, wò Mawu, na eƒe ame do kpe, eye eƒe dzime sẽ, bena wòatsɔe ade asi na wò, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Elabena Yehowa gbɔ wòtso be, woƒe dzime sẽ, eye woho aʋa ɖe Israel ŋu, ne woatsrɔ̃ wo gbidigbidi, womave wo nu o, ke boŋ woatsrɔ̃ wo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa