Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 16:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Wobua Axitofel ƒe aɖaŋu, si wòɖona ɣemaɣi la, abe Mawue wòbia gbee ene: alea Axitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo nɔ na Dawid kple Absalom siaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Le ŋkeke mawo me la, Ahitofel ƒe aɖaŋu si wòɖona la nɔna abe Mawu gbɔe wobia gbe le ene, ale David kple Absalom siaa dea bubu Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 16:23
20 Mawu Ofanana  

Eye esi Absalom le vɔ sam la, eɖo ame ɖe Dawid ƒe adaŋudela Gilonitɔ Axitofel, le wo de Gilo. Eye nugbeɖoɖo la nu le sesẽm, eye ameha, si le Absalom ŋu la, le agbɔ sɔm de dzi.


Eye wova gblɔ na Dawid bena: Axitofel le nugbeɖolawo dome kpe ɖe Absalom ŋu! Tete Dawid gblɔ bena: Yehowa, meɖe kuku, na Axitofel ƒe adaŋudede nazu lãnya!


Eye Axitofel gblɔ na Absalom bena: Na maɖu ŋutsu akpe wuieve, ne matso adze Dawid yome le zã sia me,


Tete Absalom kple Israel-ŋutsuwo katã gblɔ bena: Xusai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Axitofel ƒe aɖaŋu! Ke Yehowae ɖoe, be yeagblẽ Axitofel ƒe aɖaŋu nyui la me; elabena Yehowa be, yeahe dzɔgbevɔ̃e ava Absalom dzi.


Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me.


hegblɔ na amegbetɔwo be: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃ enye nunya, eye vɔ̃tsitsri enye gɔmesese.


Egblẽ ayetɔwo ƒe tameɖoɖo me, be woƒe asiwo magawɔ naneke wòaɖɔ aʋu o.


Edzena ɖe dziƒo ƒe mlɔenu, eye wòtrɔna va eƒe mlɔenu, naneke meɣlana ɖe eƒe dzoxɔxɔ o.


Se nye kokoƒogbe, ne meɖo ɣli na wò, eye mewu nye asiwo dzi ɖo ɖe wò kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la!


Nudzodzoe wuamewo nana amiɖala ƒe ami mina ku heƒaƒãna; bometsitsi ʋeea ɖe kpena wua nunya kple bubu.


Elabena nye dukɔ dzɔ lã, womedze sim o; vi tsibomewo wonye, eye Womenya nu o; nunyalawo wonye le vɔ̃ɖiwɔwɔ me, ke nyuiwɔwɔ la, womedzea si eya o.


Ŋu akpe nunyalawo, dzi aɖe le wo ƒo, eye asi atu wo; kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?


Ele nɛ be, wòava nunɔla Eleazar gbɔ, bena wòatsɔ Urim abia nu nɛ le Yehowa ŋku me; eye alesi wògblɔ la, eya nu woa kple Israel-viwo ƒe ha blibo la katã naho, eye woagatrɔ agbɔ ɖo.


Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;


Eye aƒetɔ la kafu xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewo nu le aɖaŋu me. Elabena xexe sia me viwo dze adaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo.


Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo,


Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mati adzoha sia yomea? Eye matu woa? Eɖo ŋu nɛ bena: Ti wo yome, elabena èle wo tu ge, eye axɔ ameawo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa