Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 16:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Esime Dawid xɔlɔ̃ Xusai, Arkitɔ la, va Absalom gbɔ la, Xusai gblɔ na Absalom bena: Fia nenɔ agbe! Fia nena agbe!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Esi David xɔlɔ̃, Husai, Arkitɔ la va ɖo la, eyi Absalom gbɔ enumake eye wòdo gbe nɛ be, “Fia nenɔ agbe tegbee. Fia nenɔ agbe tegbee!”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 16:16
13 Mawu Ofanana  

Esi Dawid va ɖo toa ta me, afisi woɖoa gbe ɖa na Mawu le la, kpɔ ɖa, Xusai, Arkitɔ la, le awu vuvu me, eye ke le ta me nɛ wòva kpee.


ke ne ègbugbɔ yi dua me, eye negblɔ na Absalom be: Fia, medi be, mazu wò dɔla; fofowò ƒe dɔla menye tsã, ke azɔ mebe, mazu wò dɔla la, ekema àte ŋu agblẽ Axitofel ƒe adaŋudede me nɛ nam.


Eye Dawid xɔlɔ̃ Xusai va dua me, esime Absalom hã va Yerusalem.


Elabena egbe la eyi ɖa wu nyitsuwo, nyi damiwo kple alẽwo kpaŋkpaŋ, eye wokpe fia viŋutsuwo katã, aʋakɔ la ƒe tatɔwo kpakple nunɔla Abyatar; kpɔ ɖa, woɖu nu, eye wono nu le egbɔ, eye wodo ɣli bena: Fia Adoniya nenɔ agbe!


Eye nunɔla Zadok kple nyagblɔɖila Natan nasi ami ne le afima ahaɖoe fia ɖe Israel nu; miku kpẽ, eye míado ɣli bena: Fia Salomo nenɔ agbe!


Azarya, Natan vi, le dɔdzikpɔlawo nu, eye Zabud, Natan vi, nye nunɔla kple fia xɔlɔ̃,


Tete wòkplɔ fiavi la do goe hetsɔ fiakuku la ɖɔ ne, eye wotsɔ se la de asi nɛ, eye wòɖoe fia hesi ami nɛ; tete woƒu akpe hedo ɣli bena: Fia nenɔ agbe!


Tete Kaldeatɔwo ƒo nu kple fia la ɖe Aram-gbe me bena; Fia la nenɔ agbe tegbee! Li ɖrɔ̃e la na wo dɔlawo, ekema míaɖe egɔme na wò.


Eye fia dada yi aglotuƒe la le fia la kple eƒe amegãwo ƒe nya la ta. Tete fia dada xɔ edzi gblɔ bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Wò tamesusuwo megaɖo ŋɔdzi na wò o, eye wò mo megafu tititi o!


Esi wova doa gbɔ la, edo avisimegbee yɔ Daniel; fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Daniel, wò Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu, si nesubɔna atraɖi la, te ŋu ɖe wò tso dzatawo si mea?


Eye ŋutsuawo gblɔ bena: Míele nyaa ɖeke kpɔ ge le Daniel sia ŋu o, negbe ɖe eƒe mawusubɔsubɔ ŋu ko.


Eye ameha, siwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Wosana na Dawid vi la; Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!


Eye Samuel gblɔ na dukɔ blibo la bena: Miele amesi Yehowa tia na mi la kpɔma? Amea ɖeke mede enu le dukɔ blibo la dome o! Tete dukɔ blibo la tso aseye gblɔ bena: Fia nenɔ agbe!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa