Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 16:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke fia la gblɔ be: Nya ka me mele kple mi Zeruya viwo? Nedo ɖiŋu faa! Elabena nenye Yehowae gblɔ nɛ be: do ɖiŋu na Dawid la! ameka kpɔ mɔ agblɔ be: nukaŋuti nèle wɔwɔm alea?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ke fia la gblɔ be, “Nya kae le nye kple miawo, Zeruya ƒe viwo, dome? Ne ele ɖiŋu dom elabena Yehowae gblɔ nɛ be, ‘Ƒo fi de David’ la, ame ka ate ŋu abia be, ‘Nu ka ta nèle nu sia wɔm ɖo?’ ”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 16:10
21 Mawu Ofanana  

Miawo miesusu vɔ̃ ɖe ŋunye, ke Mawu trae wòzu nyuie, be yeawɔe axɔ ame geɖe ɖe agbe, abe alesi miele ekpɔmi egbegbe ene.


Tete Abisai, Zeruya tu la, gblɔ bena: Alo womele Simei, amesi do ɖiŋu na Yehowa ƒe amesiamina la, wu ge oa?


Ke Dawid ɖo ŋu bena: Nya ka me mele kpli mi Zeruya viwo, hafi miebe, yewoatem akpɔ egbea? Egbee woawu ame le Israel a? Ɖe nyemenyae be, wotsɔm ɖo fia ɖe Israel nu egbea oa?


Ke nye la ɖevi dzaa menye, hafi wòsi ami nam menye fia. Ke Zeruya vi siawo tri akɔ wum. Yehowa naɖo vɔ̃ eteƒe na nuawɔla ɖe eƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ la nu!


Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea?


Enya nusi Yoab, Zeruya vi la wɔm, nusi wòwɔ Israel ƒe aʋafia eveawo Abner, Ner vi, kple Amasa, Yeter vi la, amesiwo wowu, eye wòbia hlɔ̃ ɖe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le aʋa me la nu le ŋutifafaɣi, eye wòna aʋaʋu ƒo eƒe alidziblanu, si le eƒe ali, kple afɔkpa, si le eƒe afɔ.


Azɔ ɖe Yehowa megbe meto ho ɖe teƒe sia ŋu, be magblẽea? Yehowae gblɔ nam be: Ho ɖe anyigba sia ŋu, eye nagblẽe!


Kpɔ ɖa, ehoa nu kple ke, ameka axe mɔ na? Ameka agblɔ nɛ be: Nuka wɔm nèle?


Ɖem tso nye dzidadawo katã me; megatsɔm wɔ alɔmeɖenu na bometsilawo o!


Esi wònye ŋusẽ le fia ƒe nya ŋu ta la, ameka agblɔ nɛ be: Nuka wɔm nele?


Amekae gblɔ nya wòva me, ne Aƒetɔ la meɖe se hafi o?


Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.


Eye kpɔ ɖa, wodo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kpli wò dome, wò Mawuvi? Ɖe nèva afisia funyafunya wɔ ge mi, hafi ɣeyiɣi la nade mahã?


Tete Yesu gblɔ na Petro bena: Tsɔ yi la de aku; kplu, si Fofo la tsɔ nam la, ɖe nyemanoe o mahã?


Blewu, oo ame! Ameka nènye, wò amesi le nya hem kple Mawu la mahã? Ɖe numeme la lagblɔ na mela bena: Nukaŋuti nèmem ale mahã?


esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wokpe fu la, meɖo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe ɖe asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.


Azɔ nye aƒetɔ nese eƒe dɔla ƒe nyawo dzro: Nenye Yehowae do wò ɖe ŋunye la, ekema axɔ vɔsa aʋẽ ase, ke nenye amegbetɔviwoe la, ekema aɖi wo ŋu le Yehowa ŋku me, elabena wonyãm egbe, be nyemagakpɔ gome le Yehowa ƒe anyigba dzi o hegblɔ bena: Yi ɖasubɔ mawu bubuwo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa