Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 15:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Esi Dawid va ɖo toa ta me, afisi woɖoa gbe ɖa na Mawu le la, kpɔ ɖa, Xusai, Arkitɔ la, le awu vuvu me, eye ke le ta me nɛ wòva kpee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Esi woɖo teƒe si le toa tame, afi si amewo subɔa Mawu le la, David kpɔ Husai, Arkitɔ la, wònɔ elalam; eƒe awuwo vuvu le eŋu eye ke nɔ tame nɛ.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 15:32
20 Mawu Ofanana  

kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe tso Saul ƒe asaɖa me va le ŋkeke etɔ̃agbe, awu vuvu le eŋu, eye ke le ta me nɛ. Eye esi wòva Dawid gbɔ la, ede ta agu, eye wòbɔbɔ.


Eye Tamar ku afi kɔ ɖe ta me, eye wòdze awu ʋlaya, si wòdo la, eye wòkpla asi ta le boboe dom le yiyim.


Eye Dawid lia amiti-togbɛ la, eye wòle avi fam le yiyim; etsyɔ nu ta, eye wòzɔ afɔ ƒuƒlu; ameha blibo, si le eŋu la, dometɔ ɖesiaɖe tsyo nu ta, eye wolia to la hele avi fam le yiyim.


Esi Dawid to toa ta me yi ʋee la, kpo ɖa, Mefiboset ƒe dɔla Ziba va kpee, eye tedzi eve, siwo wòbia akpa na, eye wotsɔ abolo bɔbɔ alafa eve, weintsetse ƒuƒu bolo alafa ɖeka kple wein lãgbalẽgolo ɖeka do agba ɖe wo dzi la, kpe ɖe eŋu.


Ke Absalom kple ameha blibo, si nye Israel-ŋutsuwo la, va Yerusalem, eye Axitofel kpe ɖe eŋu.


Tete Absalom gblɔ bena: Miɖayɔ Xusai, Arkitɔ la, hã ve, ne míase gbe, si le eya hã nu!


Ɣemaɣi Salomo tu nuxeƒe na Kemos, si nye Moabtɔwo ƒe ŋunyɔnu kple Molex, si nye Amon-viwo ƒe ŋunyɔnu, ɖe to dzi le Yerusalem ŋgɔ.


Baana, Xusai vi, le Aser kple Bealot nu;


Axitofel enye fia ƒe adaŋudela; Xusai, Arkitɔ, enye fia xɔlɔ̃.


Ame akpe nane, siwo ho ɖe to ɖem goɖoo la, mele ŋɔ dzim nam o.


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.


Eye wòva ve me, esi wògogo Betfage kple Betania le to, si woyɔna be Amito la ŋuti la, edo eƒe nusrɔ̃lawo dome ame eve


eye liƒo la tso Betel va Luz heto Arkitɔwo ƒe anyigba me vaseɖe Atarot,


Eye Benyamintɔa ɖe ƒu du tso aʋagbe dzi va ɖo Silo gbemagbe; awu vuvu le eŋu, eye anyi le ta me nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa