Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 15:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye fia la gblɔ na nunɔla Zadok bena: Wòe nye nukpɔla, gbugbɔ yi dua me le ŋutifafa me, eye mia viwo kple eve nakpe ɖe mia ŋu: viwò Aximaaz kple Yonatan, Abyatar vi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Fia la gblɔ na Zadok be, “Kpɔ ɖa, medi be nàtrɔ le ŋutifafa me ayi dua me kple viwò Ahimaaz kple Abiata ƒe vi, Yonatan.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 15:27
11 Mawu Ofanana  

ke ne ègbugbɔ yi dua me, eye negblɔ na Absalom be: Fia, medi be, mazu wò dɔla; fofowò ƒe dɔla menye tsã, ke azɔ mebe, mazu wò dɔla la, ekema àte ŋu agblẽ Axitofel ƒe adaŋudede me nɛ nam.


Kpɔ ɖa, wo vi eveawo le wo gbɔ le afima: Aximaaz, Zadok ta, kple Yonatan, Abyatar ta; eye miɖe nya sia nya, si miese la, wo si ɖo ɖem!


Eye Yonatan kple Aximaaz wonɔ Rogel-vudo la gbɔ. Eye dɔlanyɔnua ɖe hea gbe yinae na wo woɖagblɔna na fia Dawid be: womekpɔ mɔ ayi dua me o, elabena woava kpɔ wo.


Eye Zadok vi Aximaaz gblɔ bena: Maƒu du ahe du ayi na fia la bena, Yehowa tso afia nɛ le eƒe futɔwo si me.


Esi Dawid fɔ ŋdi kanya la, Yehowa ƒe gbe va nyagblɔɖila Gad, amesi nye Dawid ƒe nukpɔla, gbɔ bena:


Esi wogale nuƒoƒo dzi la, Yonatan, nunɔla Abyatar vi do, eye Adoniya gblɔ bena: Va, elabena ame zãzɛ nènye, eye gbe nyuia ɖe nèhe ve.


Aximaaz le Naftali nu, eya hã ɖe Salomo ƒe vinyɔnu Basmat:


Amesiawo katã nye fia ƒe nukpɔla, Heman ƒe viwo, ne eƒe dzo nadidi le Mawu ƒe nya nu; elabena Mawu na ŋutsuvi wuiene kple nyɔnuvi etɔ̃ Heman.


eya ƒe vi nye Elkana, eya ƒe vi nye Ebyasaf, eya ƒe vi nye Asir,


Eɖo ŋu nɛ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe le du keme me, eƒe ŋkɔ nya, eye nusianu, si wogblɔna la, vaa me. Eyata na miayi afima, ɖewohĩ afia mɔ, si míato la mí.


Tsã, ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna bena: Mina miayi nukpɔla gbɔ! Elabena amesi woyɔna fifia be nyagblɔɖila la, eya woyɔna tsã be nukpɔla.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa