Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 15:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Gake ne egblɔ be, nye nu menyo ye ŋu o la, nyee nye esi, newɔm, alesi dze eŋu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Ke ne egblɔ be, ‘Nyemekpɔ ŋudzedze le ŋuwò o’ la, ekema mele klalo; newɔ nu sia nu si dze eŋu lam.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 15:26
18 Mawu Ofanana  

Lé dzi de ƒo, eye na míasẽ ŋu na míaƒe dukɔ kple mía Mawu ƒe du la; eye Yehowa awɔ nusi dze eŋu!


Eye esi wòwɔ aho vɔ la, Dawid dɔ woɖakplɔe va eƒe me wòzu srɔ̃a, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ. Ke nusi Dawid wo la, medze Yehowa ŋu o.


Eye wòva zɔ wò dɔla gɔme na nye aƒetɔ fia la; ke nye aƒetɔ fia la le abe Mawu ƒe ɖɔla ene, eyata wɔ nusi dze ŋuwò!


Ekplɔm va dogba dzi, eye wòɖem, elabena nye nu nyo eŋu.


Woakafu Yehowa, wò Mawu, amesi ŋu wò nu nyo, eye wotsɔ wò ɖo Israel-fiazikpui la dzi. Esi Yehowa lɔ̃ Israel tegbee ŋuti la, eyata wòtsɔ wò ɖo fia, be nadrɔ̃ ʋɔnu, eye nawɔ nu dzɔdzɔe.


Ke nusia medze Mawu ŋu o, eye wowu Israel.


Woakafu Yehowa, wò Mawu, amesi ŋu wò nu nyo, be wotsɔ wò ɖo eƒe fiazikpui dzi nènye fia na Yehowa, wò Mawu la. Esi Mawu lɔ̃ Israel, eye wòna nɔƒee tegbee la, eyata wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu, ne nadrɔ̃ ʋɔnu, eye nawɔ nu dzɔdzɔe.


Ɖem tso nye dzidadawo katã me; megatsɔm wɔ alɔmeɖenu na bometsilawo o!


Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


Womagayɔ wò azɔ be: „amesi wogbe“ o, eye womagayɔ wò anyigba be: „aƒedo“ o; ke boŋ woayɔ wò be: „mekpɔ dzidzɔ le eŋu“, eye woayɔ wò anyigba be „srɔ̃nyɔnu“; elabena Yehowa akpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòaɖe wò anyigba woazu srɔ̃a.


Ɖe ze gbagbã, si ɖi gbɔ, enye Xonya sia loo, alo ze, si ƒe nu menyoa amea ɖeke ŋu o la, wònyea? Nukata wonyã eya kple viawo de gbe, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, si womenya o la dzi?


Makpɔ dzidzɔ le nyuiwɔwɔ na wo ŋu, eye made woƒe agunu to ɖe anyigba sia dzi le nyateƒe me tso nye dzi blibo kple nye luʋɔ blibo me.


Ne miaƒe nu dze Yehowa ŋu ko la, ekema akplɔ mí ayi anyigba sia dzii, eye wòatsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na mi.


Xizkiya dzi Manase, Manase dzi Amon, eye Amon dzi Yosiya;


Kpɔ ɖa, miele asiwò me, alesi dzɔ, eye wònyo ŋuwò nebe, yeawɔ mí ko la, wɔ mí!


Ke Israel-viwo gblɔ na Yehowa bena: Miewɔ nuvɔ̃, eyata wɔ mí, alesi dze ŋuwò; ke ɖe mí fifia ko!


Tete Samuel gblɔ wo katã ne, eye meɣla ɖeke ɖee o. Eye wòɖo ŋu bena: Yehowae, newɔ nusi dze eŋu ko!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa